Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   B    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

245  GEN 10:10  Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.
276  GEN 11:9  Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.
307  GEN 12:8  Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.
322  GEN 13:3  Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ
339  GEN 14:2  ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu.
340  GEN 14:3  Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.)
345  GEN 14:8  Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime,
354  GEN 14:17  Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee,
396  GEN 16:14  Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome.
496  GEN 19:38  Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui.
528  GEN 21:14  Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.
545  GEN 21:31  Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le.
546  GEN 21:32  Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe.
547  GEN 21:33  Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me.
567  GEN 22:19  Ale Abraham gatrɔ va ɖekakpuiawo gbɔ, eye wogatrɔ yi Beerseba, eye Abraham Beerseba.
569  GEN 22:21  Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo).
570  GEN 22:22  Bubuawoe nye Kesed, Hazo, Pildas, Yidlaf kple Betuel.”
571  GEN 22:23  Betuel nye Rebeka fofo. Milka dzi ŋutsuvi enyi siawo na Abraham nɔvi ŋutsu, Nahor.
607  GEN 24:15  Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor.
616  GEN 24:24  Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi.
639  GEN 24:47  “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egbnam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ.
642  GEN 24:50  Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o.
654  GEN 24:62  Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi.
670  GEN 25:11  Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi.
679  GEN 25:20  Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi.
716  GEN 26:23  Esi wòyi Beerseba la,
726  GEN 26:33  Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe.
727  GEN 26:34  Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat.
776  GEN 28:2  ke byi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka.
779  GEN 28:5  Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa.
784  GEN 28:10  Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran.
793  GEN 28:19  Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz.
825  GEN 29:29  Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe.
834  GEN 30:3  Rahel gb be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.”
835  GEN 30:4  Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ;
838  GEN 30:7  Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob.
887  GEN 31:13  Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.”
1013  GEN 35:1  Mawu gbna Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!”
1015  GEN 35:3  Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.”
1018  GEN 35:6  Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan.
1019  GEN 35:7  Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu.
1020  GEN 35:8  Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.”
1021  GEN 35:9  Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae.
1027  GEN 35:15  Yakob na ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye, “Mawu ƒe Aƒe,” elabena afi ma Mawu ƒo nu kplii le.
1028  GEN 35:16  Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo.
1030  GEN 35:18  Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”
1031  GEN 35:19  Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to.
1034  GEN 35:22  Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:
1036  GEN 35:24  Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin.
1037  GEN 35:25  Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali.
1044  GEN 36:3  Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu.
1045  GEN 36:4  Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel.
1051  GEN 36:10  Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ.
1054  GEN 36:13  Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.
1058  GEN 36:17  Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
1068  GEN 36:27  Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan.
1073  GEN 36:32  Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
1074  GEN 36:33  Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.
1076  GEN 36:35  Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.
1079  GEN 36:38  Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
1080  GEN 36:39  Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.
1086  GEN 37:2  Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.
1098  GEN 37:14  Ale wògb be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la,
1203  GEN 41:7  Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye.
1219  GEN 41:23  Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke bwoyrɔ.
1220  GEN 41:24  Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo. “Megbesiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.”
1257  GEN 42:4  Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene.
1289  GEN 42:36  Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!”
1290  GEN 42:37  Ruben gbna fofoa be, “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe o la, ekema, wu vinye ŋutsuvi eveawo. Makpɔ Benyamin dzi wòanɔ dedie.”
1291  GEN 42:38  Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.”
1296  GEN 43:5  Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ”
1305  GEN 43:14  Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.”
1306  GEN 43:15  Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume.
1307  GEN 43:16  Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egbna eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.”
1320  GEN 43:29  Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eyebia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegbnam lae nye esia?” Egbna Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”
1321  GEN 43:30  Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.
1325  GEN 43:34  Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.
1327  GEN 44:2  Egbnɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gbnɛ la dzi.
1330  GEN 44:5  Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ”
1337  GEN 44:12  Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me!
1371  GEN 45:12  “Miawo ŋutɔ miate ŋu akpɔe, eye nenema ke nɔvinye Benyamin hã, be nye tututue nye ame si le nu ƒom na mi la.
1373  GEN 45:14  Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me.
1381  GEN 45:22  Etsɔ awu yeyewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ke etsɔ awudodo atɔ̃ kple klosalo alafa atɔ̃ na Benyamin.
1388  GEN 46:1  Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu.
1392  GEN 46:5  Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte.
1404  GEN 46:17  Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel.
1406  GEN 46:19  Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin.
1408  GEN 46:21  Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard.