258 | GEN 10:23 | Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas. |
262 | GEN 10:27 | Hadoram, Uzal, Dikla, |
295 | GEN 11:28 | Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko. |
298 | GEN 11:31 | Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran. |
368 | GEN 15:7 | Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.” |
569 | GEN 22:21 | Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo). |
1069 | GEN 36:28 | Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. |
1674 | EXO 6:18 | Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). |
1678 | EXO 6:22 | Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri. |
2324 | EXO 28:30 | Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. |
2423 | EXO 31:2 | “Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. |
2562 | EXO 35:30 | Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, |
2656 | EXO 38:22 | Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. |
2926 | LEV 8:8 | Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me. |
2982 | LEV 10:4 | Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.” |
3712 | NUM 3:19 | Kohat ƒe viwo nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. |
3720 | NUM 3:27 | Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo. |
3723 | NUM 3:30 | Kohat ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Elizafan, Uziel ƒe viŋutsu. |
4577 | NUM 27:21 | Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.” |
5820 | DEU 33:8 | Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. |
6353 | JOS 19:30 | Uma, Afek kple Rehob. Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo |
7551 | 1SA 14:41 | Ale Saul do gbe ɖa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la be. “Nu ka ŋuti mètɔ na wò dɔla egbea o? Ne vodada la le menye alo vinye, Yonatan me la, ekema ɖo eŋu na mí to Urim dzi, gake nenye Israelviwo mee agɔdzedze la le la, tɔ na mí to Tumim dzi.” Ale wodzidze nu ɖe Yonatan kple Saul dzi eye wòdze wo dzi ale womebu fɔ ameawo o. |
7951 | 1SA 28:6 | Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o. |
8163 | 2SA 6:3 | Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio. |
8166 | 2SA 6:6 | Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. |
8167 | 2SA 6:7 | Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa. |
8168 | 2SA 6:8 | David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe. |
8265 | 2SA 11:3 | ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃. |
8268 | 2SA 11:6 | Ale David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be, “Ɖo Uria, Hititɔ la ɖem.” |
8269 | 2SA 11:7 | Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti. |
8270 | 2SA 11:8 | Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee. |
8271 | 2SA 11:9 | Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo. |
8272 | 2SA 11:10 | Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?” |
8273 | 2SA 11:11 | Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.” |
8274 | 2SA 11:12 | David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem. |
8276 | 2SA 11:14 | Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab. |
8277 | 2SA 11:15 | Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui! |
8278 | 2SA 11:16 | Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ. |
8279 | 2SA 11:17 | Ale wowu Uria, Hititɔ la kple Israelvi geɖewo. |
8283 | 2SA 11:21 | Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ” |
8286 | 2SA 11:24 | Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.” |
8288 | 2SA 11:26 | Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie |
8298 | 2SA 12:9 | Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a! |
8299 | 2SA 12:10 | Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’ |
8304 | 2SA 12:15 | Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe. |
8695 | 2SA 23:39 | kple Uria, Hititɔ la. Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre. |
8866 | 1KI 4:19 | Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi. |
9257 | 1KI 15:5 | elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko. |
9942 | 2KI 15:13 | Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. |
9959 | 2KI 15:30 | Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda. |
9961 | 2KI 15:32 | Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. |
9963 | 2KI 15:34 | Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. |
9977 | 2KI 16:10 | Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. |
9978 | 2KI 16:11 | Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. |
9982 | 2KI 16:15 | Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko. |
9983 | 2KI 16:16 | Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. |
10141 | 2KI 21:18 | Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe. |
10149 | 2KI 21:26 | Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe. |
10273 | 1CH 1:17 | Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud, Aram, Uz, Hul, Geter kple Mesek. |
10277 | 1CH 1:21 | Hadoram, Uzal, Dikla, |
10298 | 1CH 1:42 | Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Yaakan. Disan ƒe viwoe nye: Uz kple Aran. |
10330 | 1CH 2:20 | Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel. |
10377 | 1CH 3:12 | Amazia, Azaria alo Uzia, Yotam, |
10431 | 1CH 4:42 | Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo. |
10460 | 1CH 5:28 | Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. |
10463 | 1CH 5:31 | ame si dzi Buki, ame si dzi Uzi, |
10476 | 1CH 6:3 | Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. |
10482 | 1CH 6:9 | Tahat, Uriel, Uzia kple Saul. |
10487 | 1CH 6:14 | Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza, |
10509 | 1CH 6:36 | Buki, Uzi, Zerahia, |
10541 | 1CH 7:2 | Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade (22,600). |
10542 | 1CH 7:3 | Izrahia nye Uzi ƒe vi. Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye: Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo. |
10546 | 1CH 7:7 | Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene (22,034). Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me. |
10555 | 1CH 7:16 | Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem. |
10556 | 1CH 7:17 | Ulam dzi Bedan. Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase. |
10563 | 1CH 7:24 | Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera. |
10578 | 1CH 7:39 | Ula ƒe viwoe nye: Ara, Haniel kple Rizia. |
10586 | 1CH 8:7 | Naaman, Ahiya, Gera, ame si wogayɔna be Heglam, ame si dzi Uza kple Ahihud. |
10618 | 1CH 8:39 | Azel nɔviŋutsu, Esek dzi viŋutsu etɔ̃; gbãtɔe nye Ulam, eveliae nye Yeus eye etɔ̃liae nye Elifelet. |
10619 | 1CH 8:40 | Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo. |
10623 | 1CH 9:4 | Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome. |
10627 | 1CH 9:8 | Ibnea, Yeroham ƒe vi; kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi; kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya. |
10712 | 1CH 11:35 | Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar; Elifal, Ur ƒe vi, |
10718 | 1CH 11:41 | Uria, Hititɔ la; Zabad, Ahlai ƒe vi; |
10721 | 1CH 11:44 | Uzia, tso Asterat; Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer; |
10772 | 1CH 13:7 | Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo. |
10774 | 1CH 13:9 | Ke esi woɖo lugbɔƒe le Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. |
10775 | 1CH 13:10 | Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume. |
10776 | 1CH 13:11 | David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza si, gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe. |
10801 | 1CH 15:5 | Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel. |
10806 | 1CH 15:10 | eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome. |
10807 | 1CH 15:11 | David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo |
10814 | 1CH 15:18 | Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo. |
10816 | 1CH 15:20 | eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. |
10928 | 1CH 19:16 | Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te. |
11000 | 1CH 23:12 | Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. |
11008 | 1CH 23:20 | Uziel ƒe vi gbãtɔe nye, Mika eye eveliae nye Isia. |
11044 | 1CH 24:24 | Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi; |