118 | GEN 5:12 | Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. |
121 | GEN 5:15 | Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. |
124 | GEN 5:18 | Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. |
131 | GEN 5:25 | Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. |
134 | GEN 5:28 | Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. |
208 | GEN 9:2 | Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. |
230 | GEN 9:24 | Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la, |
260 | GEN 10:25 | Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. |
383 | GEN 16:1 | Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar. |
394 | GEN 16:12 | Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.” |
423 | GEN 17:25 | eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ. |
424 | GEN 17:26 | Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. |
504 | GEN 20:8 | Fia Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eŋume veviwo katã ƒo ƒui, eye wòka nya la ta na wo. Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le ƒuƒoƒea. |
524 | GEN 21:10 | egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.” |
556 | GEN 22:8 | Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. |
623 | GEN 24:31 | Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.” |
668 | GEN 25:9 | Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi. |
675 | GEN 25:16 | Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo. |
682 | GEN 25:23 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.” |
729 | GEN 27:1 | Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.” |
736 | GEN 27:8 | Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu. |
741 | GEN 27:13 | Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.” |
748 | GEN 27:20 | Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.” |
753 | GEN 27:25 | Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la. |
754 | GEN 27:26 | Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!” |
755 | GEN 27:27 | Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene. |
790 | GEN 28:16 | Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.” |
812 | GEN 29:16 | Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel. |
910 | GEN 31:36 | Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? |
917 | GEN 31:43 | Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? |
936 | GEN 32:8 | Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve, |
966 | GEN 33:5 | Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.” |
971 | GEN 33:10 | Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene. |
981 | GEN 33:20 | Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.” |
988 | GEN 34:7 | Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o. |
989 | GEN 34:8 | Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee. |
999 | GEN 34:18 | Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem. |
1019 | GEN 35:7 | Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu. |
1029 | GEN 35:17 | Via dzidzi sesẽ na Rahel. Mlɔeba la, vixela la do ɣli be, “Mègabu mɔkpɔkpɔ o, elabena esia hã ganye ŋutsuvi!” |
1030 | GEN 35:18 | Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.” |
1097 | GEN 37:13 | Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.” |
1110 | GEN 37:26 | Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi? |
1149 | GEN 38:29 | ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.” |
1243 | GEN 41:47 | Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi. |
1248 | GEN 41:52 | Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.” |
1274 | GEN 42:21 | Wogblɔ na wo nɔewo be, “Vavãe wole to hem na mí ɖe nu si míewɔ ɖe mía nɔvia ŋuti la ta. Míekpɔ ale si wòxaxae esi wònɔ kuku ɖem na mí ɖe eƒe agbe ta, gake míedo tokui, eya tae xaxa sia va mía dzi ɖo.” |
1281 | GEN 42:28 | Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?” |
1288 | GEN 42:35 | Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa. |
1291 | GEN 42:38 | Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.” |
1320 | GEN 43:29 | Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.” |
1368 | GEN 45:9 | “Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa! |
1402 | GEN 46:15 | Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. |
1453 | GEN 48:1 | Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa. |
1471 | GEN 48:19 | Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.” |
1562 | EXO 2:7 | Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?” |
1565 | EXO 2:10 | Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe. |
1569 | EXO 2:14 | Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.” |
1720 | EXO 8:5 | Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.” |
1976 | EXO 16:28 | Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo? |
2003 | EXO 18:3 | Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” |
2004 | EXO 18:4 | Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” |
2087 | EXO 21:9 | Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. |
2166 | EXO 23:21 | Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. |
2190 | EXO 24:12 | Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.” |
2366 | EXO 29:29 | “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. |
2773 | LEV 2:10 | Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. |
2862 | LEV 6:5 | Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. |
2872 | LEV 6:15 | Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. |
2875 | LEV 6:18 | “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. |
2946 | LEV 8:28 | Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu. |
2963 | LEV 9:9 | Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. |
2966 | LEV 9:12 | Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. |
2984 | LEV 10:6 | Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. |
2990 | LEV 10:12 | Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, |
3055 | LEV 13:2 | “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. |
3259 | LEV 18:7 | “ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo |
3348 | LEV 21:2 | negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, |
3441 | LEV 23:38 | Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) |
3695 | NUM 3:2 | Viŋutsu enee nɔ Aron si. Woawoe nye Nadab, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abihu, Eleaza kple Itamar. |
4037 | NUM 11:12 | Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? |
4090 | NUM 13:14 | Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me; |
4120 | NUM 14:11 | Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe? |
4136 | NUM 14:27 | “Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. |
4273 | NUM 18:15 | Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta. |
4357 | NUM 21:16 | Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.” |
4368 | NUM 21:27 | Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te. |
4393 | NUM 22:17 | elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’ ” |
4424 | NUM 23:7 | Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’ |
4430 | NUM 23:13 | Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!” |
4441 | NUM 23:24 | Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” |
4524 | NUM 26:33 | (Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) |
4602 | NUM 28:23 | Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. |
4610 | NUM 28:31 | Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.” |
4612 | NUM 29:2 | Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu. |
4616 | NUM 29:6 | Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.” |
4628 | NUM 29:18 | kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. |
4630 | NUM 29:20 | “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. |