Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Z    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

8  GEN 1:8  Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
13  GEN 1:13  Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
31  GEN 1:31  Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
99  GEN 4:19  Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila.
102  GEN 4:22  Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama.
103  GEN 4:23  Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
206  GEN 8:22  Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”
253  GEN 10:18  Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka
254  GEN 10:19  tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
329  GEN 13:10  Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.
339  GEN 14:2  ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu.
342  GEN 14:5  Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim
345  GEN 14:8  Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime,
456  GEN 18:31  Abraham yi edzi be,Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.”
480  GEN 19:22  Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.)
481  GEN 19:23  Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar.
488  GEN 19:30  Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo.
580  GEN 23:8  Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam
661  GEN 25:2  Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham.
668  GEN 25:9  Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi.
820  GEN 29:24  Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu.
840  GEN 30:9  Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe.
841  GEN 30:10  Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob.
843  GEN 30:12  Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”,
851  GEN 30:20  Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.”
1035  GEN 35:23  Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon.
1038  GEN 35:26  Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram.
1043  GEN 36:2  Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple
1052  GEN 36:11  Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz.
1054  GEN 36:13  Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.
1055  GEN 36:14  Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah.
1056  GEN 36:15  Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz,
1058  GEN 36:17  Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
1061  GEN 36:20  Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
1065  GEN 36:24  Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.)
1068  GEN 36:27  Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan.
1070  GEN 36:29  Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo. Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
1074  GEN 36:33  Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.
1086  GEN 37:2  Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.
1150  GEN 38:30  Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera.
1156  GEN 39:6  eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe.
1235  GEN 41:39  Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be,Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me,
1241  GEN 41:45  Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi.
1397  GEN 46:10  Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada.
1399  GEN 46:12  Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.
1401  GEN 46:14  Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil.
1403  GEN 46:16  Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
1405  GEN 46:18  Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo.
1487  GEN 49:13  Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.
1536  EXO 1:3  Isaka, Zebulon, Benyamin,
1576  EXO 2:21  Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe.
1627  EXO 4:25  Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.”
1628  EXO 4:26  Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.)
1671  EXO 6:15  Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo.
1677  EXO 6:21  Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri.
1781  EXO 10:3  Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be,Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.
1892  EXO 14:2  “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu,
1899  EXO 14:9  Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ.
2002  EXO 18:2  Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ.
2153  EXO 23:8  “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti.
2257  EXO 26:21  Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te.
2393  EXO 30:10  Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”
2593  EXO 36:26  Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te.
2996  LEV 10:18  Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.”
3611  NUM 1:6  Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me.
3613  NUM 1:8  Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me.
3614  NUM 1:9  Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me.
3635  NUM 1:30  Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
3636  NUM 1:31  Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400).
3664  NUM 2:5  Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu,
3666  NUM 2:7  Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu,
3671  NUM 2:12  Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu,
3728  NUM 3:35  Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo.
3869  NUM 7:18  Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
3874  NUM 7:23  Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
3875  NUM 7:24  Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
3887  NUM 7:36  Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
3892  NUM 7:41  Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
4004  NUM 10:15  Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu.
4005  NUM 10:16  Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome.
4008  NUM 10:19  Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
4080  NUM 13:4  Woƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me;
4086  NUM 13:10  Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me;
4097  NUM 13:21  Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ.
4313  NUM 20:1  Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma.
4324  NUM 20:12  Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”
4353  NUM 21:12  Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime.
4355  NUM 21:14  Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la,
4378  NUM 22:2  Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo,
4380  NUM 22:4  Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la,
4392  NUM 22:16  Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o,
4431  NUM 23:14  Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
4435  NUM 23:18  Balaam ɖo eŋu be, “Balak, Tsi tsitre eye nàsee: Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi.
4486  NUM 25:14  Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu.
4487  NUM 25:15  Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu.
4504  NUM 26:13  Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la.
4506  NUM 26:15  Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la,