Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   i    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

1  GEN 1:1  Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
2  GEN 1:2  Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
3  GEN 1:3  Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.
4  GEN 1:4  Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ.
5  GEN 1:5  Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.
6  GEN 1:6  Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”
7  GEN 1:7  Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme.
8  GEN 1:8  Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
9  GEN 1:9  Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.
10  GEN 1:10  Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo.
11  GEN 1:11  Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.
12  GEN 1:12  Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo.
13  GEN 1:13  Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
14  GEN 1:14  Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,
15  GEN 1:15  eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema.
16  GEN 1:16  Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã.
17  GEN 1:17  Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba,
18  GEN 1:18  aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu.
19  GEN 1:19  Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.
20  GEN 1:20  Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”
21  GEN 1:21  Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo.
22  GEN 1:22  Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”
23  GEN 1:23  Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.
24  GEN 1:24  Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema.