1 | GEN 1:1 | Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. |
2 | GEN 1:2 | Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi. |
4 | GEN 1:4 | Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. |
6 | GEN 1:6 | Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” |
7 | GEN 1:7 | Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. |
9 | GEN 1:9 | Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. |
11 | GEN 1:11 | Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. |
12 | GEN 1:12 | Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. |
14 | GEN 1:14 | Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, |
15 | GEN 1:15 | eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. |
16 | GEN 1:16 | Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. |
18 | GEN 1:18 | aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. |
20 | GEN 1:20 | Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” |
21 | GEN 1:21 | Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. |
22 | GEN 1:22 | Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” |
24 | GEN 1:24 | Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. |
25 | GEN 1:25 | Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo. |
26 | GEN 1:26 | Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” |
27 | GEN 1:27 | Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. |
28 | GEN 1:28 | Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.” |
29 | GEN 1:29 | Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene. |
30 | GEN 1:30 | Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. |
32 | GEN 2:1 | Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu. |
33 | GEN 2:2 | Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me. |
34 | GEN 2:3 | Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le. |
35 | GEN 2:4 | Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo. |
36 | GEN 2:5 | Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o. |
37 | GEN 2:6 | Gake tsi dzi tso anyigba ƒe tume le teƒe aɖewo, eye wòtsa le anyigba la dzi. |
38 | GEN 2:7 | Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe. |
39 | GEN 2:8 | Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me. |
40 | GEN 2:9 | Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina. |
41 | GEN 2:10 | Tɔsisi aɖe tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me. |
43 | GEN 2:12 | (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) |
46 | GEN 2:15 | Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene. |
47 | GEN 2:16 | Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me, |
48 | GEN 2:17 | gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.” |
49 | GEN 2:18 | Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” |
50 | GEN 2:19 | Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. |
51 | GEN 2:20 | Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. |