Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   r    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

22  GEN 1:22  Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”
28  GEN 1:28  Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”
33  GEN 2:2  Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.
34  GEN 2:3  Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.
45  GEN 2:14  Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
55  GEN 2:24  Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
56  GEN 2:25  Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.
62  GEN 3:6  Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu.
64  GEN 3:8  Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome.
72  GEN 3:16  Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”
73  GEN 3:17  Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
75  GEN 3:19  Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
76  GEN 3:20  Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”
77  GEN 3:21  Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a.
81  GEN 4:1  Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”
87  GEN 4:7  Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”
92  GEN 4:12  Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.”
95  GEN 4:15  Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o.
97  GEN 4:17  Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk.
98  GEN 4:18  Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo.
99  GEN 4:19  Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila.
102  GEN 4:22  Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama.
103  GEN 4:23  Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
104  GEN 4:24  Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!”
105  GEN 4:25  Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”
108  GEN 5:2  Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
113  GEN 5:7  Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
118  GEN 5:12  Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel.
121  GEN 5:15  Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared.
122  GEN 5:16  Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo,
124  GEN 5:18  Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk.
126  GEN 5:20  Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962).
131  GEN 5:25  Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek.
132  GEN 5:26  Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve (782). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
137  GEN 5:31  Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777).
145  GEN 6:7  Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”
151  GEN 6:13  Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa.
152  GEN 6:14  Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi.
154  GEN 6:16  Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.
155  GEN 6:17  “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.
156  GEN 6:18  “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo.
159  GEN 6:21  Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me.”
162  GEN 7:2  “Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi,
163  GEN 7:3  eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe.
164  GEN 7:4  Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.”
167  GEN 7:7  Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.
170  GEN 7:10  Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
171  GEN 7:11  Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe.
173  GEN 7:13  Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo.
176  GEN 7:16  Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.
180  GEN 7:20  eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã.
181  GEN 7:21  Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃.
182  GEN 7:22  Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃.
183  GEN 7:23  Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.
188  GEN 8:4  eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame.
190  GEN 8:6  Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka,
193  GEN 8:9  Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me.
194  GEN 8:10  Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu.
195  GEN 8:11  Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ.
196  GEN 8:12  Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o.
200  GEN 8:16  “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me.
202  GEN 8:18  Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo.
205  GEN 8:21  Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.
207  GEN 9:1  Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.”
217  GEN 9:11  Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
218  GEN 9:12  Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu:
221  GEN 9:15  ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o.
229  GEN 9:23  Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo.
232  GEN 9:26  Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem.
237  GEN 10:2  Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
238  GEN 10:3  Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma.
239  GEN 10:4  Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.
243  GEN 10:8  Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
244  GEN 10:9  Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”
245  GEN 10:10  Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.
246  GEN 10:11  Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala