11 | GEN 1:11 | Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. |
12 | GEN 1:12 | Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. |
20 | GEN 1:20 | Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” |
21 | GEN 1:21 | Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. |
22 | GEN 1:22 | Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” |
26 | GEN 1:26 | Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” |
28 | GEN 1:28 | Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.” |
30 | GEN 1:30 | Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. |
32 | GEN 2:1 | Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu. |
34 | GEN 2:3 | Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le. |
50 | GEN 2:19 | Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. |
51 | GEN 2:20 | Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. |
52 | GEN 2:21 | Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. |
53 | GEN 2:22 | Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ. |
84 | GEN 4:4 | eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa, |
85 | GEN 4:5 | gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã. |
95 | GEN 4:15 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o. |
109 | GEN 5:3 | Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. |
111 | GEN 5:5 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku. |
112 | GEN 5:6 | Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. |
114 | GEN 5:8 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku. |
115 | GEN 5:9 | Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan, |
118 | GEN 5:12 | Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. |
120 | GEN 5:14 | Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910). |
121 | GEN 5:15 | Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. |
123 | GEN 5:17 | eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). |
124 | GEN 5:18 | Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. |
126 | GEN 5:20 | Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962). |
127 | GEN 5:21 | Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. |
129 | GEN 5:23 | Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365), |
131 | GEN 5:25 | Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. |
133 | GEN 5:27 | Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969). |
134 | GEN 5:28 | Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. |
137 | GEN 5:31 | Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777). |
138 | GEN 5:32 | Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet. |
145 | GEN 6:7 | Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.” |
149 | GEN 6:11 | Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ. |
150 | GEN 6:12 | Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. |
151 | GEN 6:13 | Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. |
152 | GEN 6:14 | Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. |
154 | GEN 6:16 | Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi. |
163 | GEN 7:3 | eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe. |
166 | GEN 7:6 | Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. |
168 | GEN 7:8 | Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, |
171 | GEN 7:11 | Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. |
174 | GEN 7:14 | Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. |
177 | GEN 7:17 | Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. |
181 | GEN 7:21 | Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. |
183 | GEN 7:23 | Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. |
201 | GEN 8:17 | Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” |
203 | GEN 8:19 | Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. |
204 | GEN 8:20 | Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo. |
208 | GEN 9:2 | Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. |
213 | GEN 9:7 | Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.” |
216 | GEN 9:10 | kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. |
219 | GEN 9:13 | Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu. |
223 | GEN 9:17 | Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.” |
235 | GEN 9:29 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku. |
244 | GEN 10:9 | Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” |
257 | GEN 10:22 | Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. |
259 | GEN 10:24 | Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber. |
271 | GEN 11:4 | Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.” |
277 | GEN 11:10 | Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad. |
278 | GEN 11:11 | Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
279 | GEN 11:12 | Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela. |
280 | GEN 11:13 | Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
281 | GEN 11:14 | Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber, |
283 | GEN 11:16 | Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg. |
285 | GEN 11:18 | Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu. |
287 | GEN 11:20 | Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug. |
289 | GEN 11:22 | Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor. |
291 | GEN 11:24 | Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera. |
293 | GEN 11:26 | Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran. |
299 | GEN 11:32 | Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃ (205). |
301 | GEN 12:2 | Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo. |
302 | GEN 12:3 | Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.” |
303 | GEN 12:4 | Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. |
311 | GEN 12:12 | Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ |
312 | GEN 12:13 | Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!” |
329 | GEN 13:10 | Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte. |
333 | GEN 13:14 | Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò, |
335 | GEN 13:16 | Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o! |
353 | GEN 14:16 | Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. |
360 | GEN 14:23 | be nyemaxɔ ɖetika ɖeka gɔ̃ hã le asiwò o, ne menye nenema o la, àva gblɔ be, ‘Abram zu kesinɔtɔ le nu si menae la ta.’ |
361 | GEN 14:24 | Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.” |
362 | GEN 15:1 | Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.” |
366 | GEN 15:5 | Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!” |
367 | GEN 15:6 | Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ. |
370 | GEN 15:9 | Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.” |
371 | GEN 15:10 | Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o. |
376 | GEN 15:15 | Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe. |