26 | GEN 1:26 | Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” |
58 | GEN 3:2 | Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse, |
78 | GEN 3:22 | Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” |
88 | GEN 4:8 | Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel. |
135 | GEN 5:29 | Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.” |
270 | GEN 11:3 | Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe. |
271 | GEN 11:4 | Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.” |
274 | GEN 11:7 | Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!” |
311 | GEN 12:12 | Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ |
327 | GEN 13:8 | Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ. |
328 | GEN 13:9 | Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.” |
460 | GEN 19:2 | Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.” |
463 | GEN 19:5 | eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.” |
467 | GEN 19:9 | Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. |
471 | GEN 19:13 | elabena míele du sia tsrɔ̃ ge keŋkeŋ. Nutsotso tso teƒe sia ŋu va ɖo dziƒo, eya ta Yehowa ɖo mí ɖa be míatsrɔ̃e.” |
489 | GEN 19:31 | Gbe ɖeka la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Ŋutsu aɖeke kura mele anyigba sia ƒe akpa sia lɔƒo si mía fofo alɔ̃ be míaɖe o. Kpe ɖe esia ŋu la, esusɔ vie mía fofo natsi akpa na vidzidzi. |
490 | GEN 19:32 | Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.” |
492 | GEN 19:34 | Le ŋdi me la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Medɔ fofonye gbɔ le zã si va yi la me. Na míagana ahae wòagano amu, eye wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ale be míaƒe ƒome la nadzi ɖe edzi.” |
505 | GEN 20:9 | Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.” |
509 | GEN 20:13 | Esi Mawu ɖo nam be maʋu le mía de la, megblɔ na srɔ̃nye be, ‘Afi sia afi si míaɖo la, ve nunye nàgblɔ be nɔvinye nyɔnue yenye.’ ” |
553 | GEN 22:5 | Egblɔ na ɖekakpuiawo be, “Minɔ afi sia kple tedzi la; nye kple Isak míayi ŋgɔ vie aɖado gbe ɖa. Míatrɔ agbɔ fifi laa.” |
555 | GEN 22:7 | Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?” |
556 | GEN 22:8 | Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. |
578 | GEN 23:6 | “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.” |
581 | GEN 23:9 | be wòadzra eƒe kpeto Makpela si le eƒe anyigba ƒe seƒe lɔƒo la nam. Maxe ga home si dzi míalɔ̃ ɖo la katã nɛ, eye wòazu ameɖiƒe na ƒonyemetɔwo tegbee.” |
615 | GEN 24:23 | Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?” |
617 | GEN 24:25 | Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.” |
625 | GEN 24:33 | Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.” |
642 | GEN 24:50 | Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o. |
647 | GEN 24:55 | Rebeka dada kple nɔvia gblɔ be, “Míedi be Rebeka naganɔ mía gbɔ ŋkeke ewo lɔƒo teti, ekema ate ŋu ayi.” |
649 | GEN 24:57 | Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.” |
652 | GEN 24:60 | Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” |
657 | GEN 24:65 | Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. |
703 | GEN 26:10 | Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” |
709 | GEN 26:16 | Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.” |
713 | GEN 26:20 | Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” |
715 | GEN 26:22 | Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.” |
721 | GEN 26:28 | Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. |
722 | GEN 26:29 | Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” |
725 | GEN 26:32 | Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.” |
778 | GEN 28:4 | Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.” |
800 | GEN 29:4 | Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” |
801 | GEN 29:5 | Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” |
804 | GEN 29:8 | Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.” |
811 | GEN 29:15 | Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?” |
822 | GEN 29:26 | Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o. |
865 | GEN 30:34 | Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!” |
875 | GEN 31:1 | Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.” |
881 | GEN 31:7 | ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o! |
888 | GEN 31:14 | Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o! |
889 | GEN 31:15 | Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ mí dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta hã megali o. |
890 | GEN 31:16 | Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.” |
906 | GEN 31:32 | Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o. |
918 | GEN 31:44 | Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi.” |