Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   ŋ    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

5  GEN 1:5  Mawu yɔ kekeli la beŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.
8  GEN 1:8  Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
13  GEN 1:13  Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
14  GEN 1:14  Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,
15  GEN 1:15  eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema.
16  GEN 1:16  Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã.
17  GEN 1:17  Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba,
18  GEN 1:18  aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu.
19  GEN 1:19  Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.
20  GEN 1:20  Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”
23  GEN 1:23  Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.
27  GEN 1:27  Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
31  GEN 1:31  Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
33  GEN 2:2  Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.
34  GEN 2:3  Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.
36  GEN 2:5  Do ŋla, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o.
38  GEN 2:7  Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.
42  GEN 2:11  Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le.
43  GEN 2:12  (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.)
44  GEN 2:13  Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.
45  GEN 2:14  Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
49  GEN 2:18  Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”
50  GEN 2:19  Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋsi wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋnɛ.
51  GEN 2:20  Ale ame la na ŋnu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o.
52  GEN 2:21  Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la.
54  GEN 2:23  Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
55  GEN 2:24  Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
56  GEN 2:25  Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.
58  GEN 3:2  Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse,
59  GEN 3:3  gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ”
61  GEN 3:5  Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”
63  GEN 3:7  Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
64  GEN 3:8  Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋwònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome.
66  GEN 3:10  Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.”
67  GEN 3:11  Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?”
68  GEN 3:12  Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”
69  GEN 3:13  Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”
70  GEN 3:14  Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.
72  GEN 3:16  Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”
73  GEN 3:17  Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
74  GEN 3:18  Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo.
75  GEN 3:19  Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
76  GEN 3:20  Ŋutsu la na ŋsrɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”
81  GEN 4:1  Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”
82  GEN 4:2  Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela.
83  GEN 4:3  Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa,
87  GEN 4:7  Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”
89  GEN 4:9  Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?”
93  GEN 4:13  Kain ɖo eŋu na Yehowa be, “Nye tohehe kpe wu tsɔtsɔ nam,
94  GEN 4:14  elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.”
95  GEN 4:15  Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o.
96  GEN 4:16  Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi.
97  GEN 4:17  Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋnɛ be Enɔk.
101  GEN 4:21  Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze.
103  GEN 4:23  Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
105  GEN 4:25  Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”
106  GEN 4:26  Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋyɔyɔ me.
107  GEN 5:1  Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.
108  GEN 5:2  Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
109  GEN 5:3  Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me.
110  GEN 5:4  Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
113  GEN 5:7  Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
116  GEN 5:10  eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ.
118  GEN 5:12  Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel.
119  GEN 5:13  Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe.
121  GEN 5:15  Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared.
122  GEN 5:16  Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo,
124  GEN 5:18  Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk.
125  GEN 5:19  Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
128  GEN 5:22  Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.