Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Ɣ    February 25, 2023 at 00:12    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

222  GEN 9:16  Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”
303  GEN 12:4  Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran.
481  GEN 19:23  Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar.
634  GEN 24:42  Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale.
1093  GEN 37:9  Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”
1206  GEN 41:10  Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la,
1628  EXO 4:26  Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.)
2285  EXO 27:12  Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma.
2286  EXO 27:13  Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve.
2395  EXO 30:12  Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o.
2515  EXO 34:18  “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte.
2647  EXO 38:13  Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve.
2740  EXO 40:32  Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
3185  LEV 15:16   ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
3430  LEV 23:27  Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.
3986  NUM 9:20  Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ.
3987  NUM 9:21  Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ.
4048  NUM 11:23  Yehowa gblɔ na Mose be,Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!”
4092  NUM 13:16  Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”
4802  NUM 33:40  Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi.
5020  DEU 4:14  Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.”
5199  DEU 10:11  “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ”
5744  DEU 31:14  Tete Yehowa gblɔ na Mose be,Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.
5795  DEU 32:35  Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!
5967  JOS 6:16  Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be,Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!”
5977  JOS 6:26  Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”
6062  JOS 9:23  Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.”
6209  JOS 15:5  Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu. Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le,
6782  JDG 9:26  Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me.
6835  JDG 11:4  Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu.
7040  JDG 19:14  Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me.
7273  1SA 2:31  Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o,
7708  1SA 18:30  Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi.
8076  2SA 2:24  Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi.
8078  2SA 2:26  Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”
8877  1KI 5:10  Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo.
9249  1KI 14:28  Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
9365  1KI 18:21  Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be,Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o.
9507  1KI 22:24  Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be,Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
9677  2KI 5:26  Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?
9736  2KI 8:5  Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!”
10039  2KI 18:11  Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me.
10832  1CH 16:7  Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.
11096  1CH 26:14  Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu.
11098  1CH 26:16  kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu. Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe.
11099  1CH 26:17  Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe.
11220  2CH 2:3  Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.
11354  2CH 8:3  Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi.
11453  2CH 12:11  Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
11497  2CH 15:2  eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.
11570  2CH 18:23  Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be,Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
11656  2CH 22:7  Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.
11725  2CH 25:16  Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be,Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”
11813  2CH 29:17  Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae.
11862  2CH 31:3  Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.
11873  2CH 31:14  Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam.
12361  NEH 3:29  Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo.
12586  NEH 10:34  elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me.
13016  JOB 7:4  Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be,Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli.
13282  JOB 18:2  Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.
13300  JOB 18:20  Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.
13506  JOB 27:21  Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe.
14188  PSA 19:7  Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi, eye wòzɔna yia go kemɛ dzi, naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.
14572  PSA 41:6  Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be,Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”
14583  PSA 42:3  Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?
14734  PSA 51:11  Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo, eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.
14902  PSA 64:3  Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.
15205  PSA 78:34  Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la, wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo.
15410  PSA 89:20  Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò ame kɔkɔewo le ŋutega me be, “Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi; medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.
15437  PSA 89:47  O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie? Ɖeɣla ɖokuiwò tegbea? Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo?
15657  PSA 104:19  Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome, eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to.
15660  PSA 104:22  Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.
16048  PSA 119:82  Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be,Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”
16050  PSA 119:84  Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala? Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo?
16444  PSA 148:3  Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.
16619  PRO 6:9  Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
17149  PRO 23:35  Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”
17390  ECC 1:5  Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso.
17430  ECC 3:1  Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.
17537  ECC 8:9  Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.
17986  ISA 13:10  Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
18042  ISA 16:3  “Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí. Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu. Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o.
18060  ISA 17:7  Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.
18074  ISA 18:7  Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.
18090  ISA 19:16  Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta.
18092  ISA 19:18  Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
18098  ISA 19:24  Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi.
18313  ISA 30:26  Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo.
18377  ISA 34:4  Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
18889  ISA 59:19  Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu, elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ si le sisim kple ŋusẽ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae ɖe du nu la ene.
18910  ISA 60:19  Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
18954  ISA 63:18  Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe, kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me. Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.
19018  JER 1:3  Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
19105  JER 4:9  Yehowa be,Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la kple eƒe dumegãwo ƒo, ŋɔdzi alé Nunɔlawo eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”
19127  JER 4:31  Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”
19498  JER 20:7  O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se; èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye. Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye eye ame sia ame le koyem.
19499  JER 20:8  Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la, medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃, ale Yehowa ƒe nya hea dzu kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi.
19579  JER 23:26  Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo?
19791  JER 31:31  Yehowa be,Ɣeyiɣi li gbɔna esi mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe.