300 | GEN 12:1 | Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi. |
450 | GEN 18:25 | Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” |
755 | GEN 27:27 | Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene. |
1013 | GEN 35:1 | Mawu gblɔ na Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!” |
1628 | EXO 4:26 | Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) |
1705 | EXO 7:19 | Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” |
1707 | EXO 7:21 | Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. |
1792 | EXO 10:14 | Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o, |
1797 | EXO 10:19 | eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o! |
1830 | EXO 12:13 | Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o. |
2186 | EXO 24:8 | Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.” |
2252 | EXO 26:16 | Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. |
2254 | EXO 26:18 | Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. |
2590 | EXO 36:23 | Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. |
3247 | LEV 17:11 | Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la. |
5258 | DEU 12:16 | Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. |
5655 | DEU 28:42 | Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo. |
6563 | JDG 2:16 | Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖe wo tso adzoha siawo ƒe asi me. |
6564 | JDG 2:17 | Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo. |
6565 | JDG 2:18 | Ne Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la aɖe na wo la, enɔa anyi kple Ʋɔnudrɔ̃la ma, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo ƒe asi me zi ale si Ʋɔnudrɔ̃la ma le agbe elabena Yehowa kpɔa nublanui na wo ne wole ŋeŋem le ame siwo le wo tem ɖe anyi, le funyafunya wɔm wo la ƒe kɔkuti te. |
6566 | JDG 2:19 | Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o. |
6580 | JDG 3:10 | Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi. |
6601 | JDG 3:31 | Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel. |
6816 | JDG 10:3 | Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. |
6858 | JDG 11:27 | Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’ ” |
6879 | JDG 12:8 | Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel. |
6884 | JDG 12:13 | Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn. |
8942 | 1KI 7:5 | Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. |
8944 | 1KI 7:7 | Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo. |
9603 | 2KI 3:23 | Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!” |
9863 | 2KI 12:10 | Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. |
9892 | 2KI 13:17 | Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.” |
10081 | 2KI 19:16 | O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. |
13070 | JOB 9:15 | Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be wòakpɔ nublanui nam. |
13149 | JOB 12:17 | Ekplɔa dumegãwo dzonae amama eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo. |
13868 | JOB 39:30 | Ʋu nye nuɖuɖu na viawo eye afi si aʋatsilawo le la, afi ma wònɔna.” |
15499 | PSA 94:2 | Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo. |
15984 | PSA 119:18 | Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ nukunuwo le wò se la me. |
16120 | PSA 119:154 | Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu. |
17670 | SNG 5:2 | Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu. |
18380 | ISA 34:7 | To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu, nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã. Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa, eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee, |
18439 | ISA 37:17 | O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. |
18768 | ISA 52:2 | Ʋuʋu ke le ŋutiwò. Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi. O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa. |
20170 | JER 48:21 | Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi. |
21597 | EZK 41:2 | Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo. |
21606 | EZK 41:11 | Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo. |
21616 | EZK 41:21 | Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene. |
21618 | EZK 41:23 | Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu. |
21619 | EZK 41:24 | Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve. |
22012 | DAN 7:10 | Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo. |
22204 | HOS 4:2 | Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi. |
22522 | AMO 6:3 | Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam. |
22613 | JON 1:13 | Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã. |
24206 | MAT 27:8 | Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe. |
24566 | MRK 7:34 | Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”). |
25444 | LUK 10:12 | Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la. |
25759 | LUK 18:2 | Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. |
26697 | JHN 12:48 | Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi. |
27011 | ACT 1:19 | Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.) |
27112 | ACT 4:21 | Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. |
27574 | ACT 16:22 | Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. |
27588 | ACT 16:36 | Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.” |
27692 | ACT 19:38 | Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. |
27735 | ACT 21:3 | Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia. |
27931 | ACT 27:8 | Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu. |
27935 | ACT 27:12 | Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe. |
27952 | ACT 27:29 | Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze. |
27953 | ACT 27:30 | Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋu la me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. |
27960 | ACT 27:37 | Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade (276). |
29867 | 1TI 6:12 | Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe. |
29945 | 2TI 4:8 | Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava. |
30430 | JAS 5:9 | Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu. |
30699 | 1JN 5:8 | Eye ame etɔ̃ siawo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka. |
30911 | REV 9:3 | Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. |
30915 | REV 9:7 | Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene, eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. |
30963 | REV 12:4 | Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la. |
30979 | REV 13:2 | Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. |
31108 | REV 20:1 | Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. |