14 | GEN 1:14 | Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, |
16 | GEN 1:16 | Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. |
35 | GEN 2:4 | Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo. |
39 | GEN 2:8 | Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me. |
45 | GEN 2:14 | Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la. |
54 | GEN 2:23 | Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.” |
64 | GEN 3:8 | Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. |
66 | GEN 3:10 | Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” |
80 | GEN 3:24 | Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu. |
83 | GEN 4:3 | Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, |
90 | GEN 4:10 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. |
96 | GEN 4:16 | Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi. |
106 | GEN 4:26 | Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me. |
139 | GEN 6:1 | Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, |
142 | GEN 6:4 | Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. |
171 | GEN 7:11 | Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. |
178 | GEN 7:18 | Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi. |
188 | GEN 8:4 | eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame. |
189 | GEN 8:5 | Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me. |
206 | GEN 8:22 | Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.” |
222 | GEN 9:16 | Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.” |
260 | GEN 10:25 | Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. |
265 | GEN 10:30 | (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.) |
268 | GEN 11:1 | Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko. |
269 | GEN 11:2 | Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o. |
303 | GEN 12:4 | Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. |
305 | GEN 12:6 | Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi. |
307 | GEN 12:8 | Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. |
309 | GEN 12:10 | Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. |
328 | GEN 13:9 | Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.” |
330 | GEN 13:11 | Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ. |
333 | GEN 13:14 | Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò, |
366 | GEN 15:5 | Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!” |
373 | GEN 15:12 | Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe. |
377 | GEN 15:16 | Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.” |
378 | GEN 15:17 | Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom. |
419 | GEN 17:21 | Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.” |
422 | GEN 17:24 | Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ, |
426 | GEN 18:1 | Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. |
436 | GEN 18:11 | Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo. |
442 | GEN 18:17 | Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? |
459 | GEN 19:1 | Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. |
467 | GEN 19:9 | Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. |
516 | GEN 21:2 | Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi. |
522 | GEN 21:8 | Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi. |
536 | GEN 21:22 | Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. |
548 | GEN 21:34 | Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe. |
549 | GEN 22:1 | Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.” |
559 | GEN 22:11 | Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.” |
565 | GEN 22:17 | makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi, |
568 | GEN 22:20 | Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogblɔ na Abraham be, “Milka hã zu vinɔ, edzi viŋutsuwo na nɔviwò ŋutsu, Nahor. |
603 | GEN 24:11 | Ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua godo le vudo aɖe to. Esi ɣe trɔ la, dua me nyɔnuwo va nɔ tsi kum. |
652 | GEN 24:60 | Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” |
665 | GEN 25:6 | ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o. |
697 | GEN 26:4 | Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me. |
701 | GEN 26:8 | Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem. |
730 | GEN 27:2 | Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi. |
756 | GEN 27:28 | Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe wò nukuwo dzi ɣe sia ɣi, eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na wò. |
768 | GEN 27:40 | Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.” |
788 | GEN 28:14 | elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi. |
797 | GEN 29:1 | Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me. |
810 | GEN 29:14 | Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la, |
817 | GEN 29:21 | Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.” |
841 | GEN 30:10 | Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob. |
845 | GEN 30:14 | Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye. |
861 | GEN 30:30 | elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?” |
864 | GEN 30:33 | Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!” |
866 | GEN 30:35 | Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. |
884 | GEN 31:10 | “Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la. |
886 | GEN 31:12 | Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃nɔ ɣiawo.” Egblɔ be, “Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban wɔ ɖe ŋuwò la. |
908 | GEN 31:34 | Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene hã la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o. |
912 | GEN 31:38 | “Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o. |
931 | GEN 32:3 | Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim. |
960 | GEN 32:32 | Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me. |