311 | GEN 12:12 | Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ |
638 | GEN 24:46 | “Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã. |
1357 | GEN 44:32 | Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’ |
1377 | GEN 45:18 | eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’ |
1472 | GEN 48:20 | Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’ ” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase. |
1603 | EXO 4:1 | Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ” |
1649 | EXO 5:16 | Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.” |
1893 | EXO 14:3 | elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’ |
3098 | LEV 13:45 | “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’ |
3147 | LEV 14:35 | ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’ |
3319 | LEV 19:37 | “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ” |
3604 | LEV 27:33 | Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ” |
4250 | NUM 17:20 | Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ” |
4441 | NUM 23:24 | Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” |
5199 | DEU 10:11 | “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ” |
5219 | DEU 11:9 | Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ |
5380 | DEU 17:14 | “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ |
5433 | DEU 20:4 | Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’ |
5437 | DEU 20:8 | Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’ |
5559 | DEU 25:10 | Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’ |
5680 | DEU 28:67 | Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta. |
5747 | DEU 31:17 | Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ |
5787 | DEU 32:27 | Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’ ” |
5839 | DEU 33:27 | Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’ |
6010 | JOS 8:6 | Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’ |
6714 | JDG 7:18 | Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’ ” |
6785 | JDG 9:29 | Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’ ” |
7439 | 1SA 10:19 | Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.” |
7565 | 1SA 15:3 | Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ” |
7846 | 1SA 24:5 | David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to! |
8102 | 2SA 3:18 | Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ” |
8209 | 2SA 7:26 | ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee. |
8432 | 2SA 16:3 | Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?” Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ” |
8745 | 1KI 1:25 | Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’ |
8754 | 1KI 1:34 | Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’ |
8767 | 1KI 1:47 | Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu |
8803 | 1KI 2:30 | Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.” |
9059 | 1KI 9:5 | ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’ |
9417 | 1KI 20:6 | etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’ ” |
9422 | 1KI 20:11 | Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ” |
9443 | 1KI 20:32 | Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’ ” Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!” |
9473 | 1KI 21:19 | Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ” |
9510 | 1KI 22:27 | Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” |
9541 | 2KI 1:4 | Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’ ” Ale Eliya yi. |
9664 | 2KI 5:13 | Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ” |
10892 | 1CH 17:24 | ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme. |
10979 | 1CH 22:10 | Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’ |
11351 | 2CH 7:22 | Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’ ” |
11573 | 2CH 18:26 | Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” |
11609 | 2CH 20:17 | Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ” |
11891 | 2CH 32:11 | Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ |
12413 | NEH 6:7 | eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.” |
12911 | JOB 3:3 | “Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, nenema ke nye zã si me wogblɔ be, ‘Wodzi viŋutsu na mí!’ |
13308 | JOB 19:7 | “Togbɔ be mefa avi sesĩe be, ‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la, ame aɖeke metɔ nam o eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la, wometso nam o. |
13422 | JOB 22:29 | Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi. |
17336 | PRO 30:15 | “Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o: |
17337 | PRO 30:16 | woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o. |
18548 | ISA 41:27 | Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem. |
18676 | ISA 47:7 | Ègblɔ be, ‘Nye la, mayi edzi tegbee. Manye fianyɔnu yi ɖe mavɔ me!’ Ke mèbu nu siawo ŋu alo de ŋugble le nu si ava dzɔ la ŋu o. |
18715 | ISA 49:9 | ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’, eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe le togbɛ ƒuƒluwo tame. |
18971 | ISA 65:5 | Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye. |
19054 | JER 2:20 | “Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. |
19061 | JER 2:27 | Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’ Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’ Wotrɔ woƒe megbe dem ke menye woƒe ŋkume o, gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be, ‘Va, nàɖe mí!’ |
19101 | JER 4:5 | “Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’ |
19175 | JER 6:17 | Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be, ‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’ Gake miegblɔ be, ‘Míaɖo to o.’ |
19199 | JER 7:11 | Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe. |
19263 | JER 9:18 | Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ” |
19541 | JER 22:18 | Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o. |
19544 | JER 22:21 | Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be, ‘Nyemaɖo to wò o!’ Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke; ègbe, mèɖo tom kpɔ o. |
19779 | JER 31:19 | Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’ |
19847 | JER 33:3 | ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’ |
20083 | JER 44:4 | Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ |
20166 | JER 48:17 | Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’ |
20225 | JER 49:29 | Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’ |
20779 | EZK 13:2 | “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” |
20806 | EZK 14:6 | “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’ |
20922 | EZK 18:4 | Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’ |
22007 | DAN 7:5 | “Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’ |
22265 | HOS 8:2 | Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’ |
22421 | JOL 4:9 | “Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be, ‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’ Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo, miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ. |
22836 | HAB 2:19 | Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.” |
22896 | ZEP 3:7 | Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, |
22950 | ZEC 1:3 | eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ |
22998 | ZEC 4:7 | “Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ” |
23102 | ZEC 11:5 | Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o, |
23134 | ZEC 13:6 | Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’ |
23163 | MAL 1:5 | O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’ |
23171 | MAL 1:13 | Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa? |
23264 | MAT 3:3 | Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ” |
23325 | MAT 5:22 | Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me. |
23408 | MAT 7:23 | Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’ |
23545 | MAT 11:17 | “ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’ |
23547 | MAT 11:19 | Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.” |
23638 | MAT 13:30 | eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo, atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’ ” |
23824 | MAT 18:28 | “Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’ |
23900 | MAT 21:5 | “Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ” |
23933 | MAT 21:38 | “Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ” |
24083 | MAT 25:6 | “Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’ |
24088 | MAT 25:11 | “Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’ |
24089 | MAT 25:12 | “Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’ |