14379 | PSA 32:5 | Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela |
17909 | ISA 9:9 | “Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”, |
18126 | ISA 22:4 | Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”, |
18246 | ISA 28:12 | ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o. |
18849 | ISA 57:14 | Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”, |
18944 | ISA 63:8 | egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye. Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”, eya ta wòzu woƒe Ɖela. |