11 | GEN 1:11 | Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. |
12 | GEN 1:12 | Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. |
16 | GEN 1:16 | Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. |
24 | GEN 1:24 | Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. |
138 | GEN 5:32 | Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet. |
147 | GEN 6:9 | Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu. |
148 | GEN 6:10 | Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet. |
201 | GEN 8:17 | Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” |
218 | GEN 9:12 | Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: |
236 | GEN 10:1 | Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale: |
237 | GEN 10:2 | Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. |
238 | GEN 10:3 | Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. |
239 | GEN 10:4 | Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. |
241 | GEN 10:6 | Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. |
242 | GEN 10:7 | Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan. |
248 | GEN 10:13 | Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, |
250 | GEN 10:15 | Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. |
251 | GEN 10:16 | Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, |
257 | GEN 10:22 | Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. |
258 | GEN 10:23 | Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas. |
260 | GEN 10:25 | Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. |
261 | GEN 10:26 | Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, |
321 | GEN 13:2 | Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu. |
324 | GEN 13:5 | Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi. |
325 | GEN 13:6 | Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la. |
380 | GEN 15:19 | Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, |
402 | GEN 17:4 | “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.” |
408 | GEN 17:10 | Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. |
572 | GEN 22:24 | Eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Reuna la hã dzi viŋutsu siawo: Teba, Gaham, Tahas kple Maaka nɛ. |
652 | GEN 24:60 | Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” |
662 | GEN 25:3 | Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. |
663 | GEN 25:4 | Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. |
672 | GEN 25:13 | Ismael ƒe viwoe nye: Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, |
915 | GEN 31:41 | Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo. |
933 | GEN 32:5 | Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe. |
942 | GEN 32:14 | Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau: |
1034 | GEN 35:22 | Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: |
1035 | GEN 35:23 | Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon. |
1036 | GEN 35:24 | Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin. |
1037 | GEN 35:25 | Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali. |
1038 | GEN 35:26 | Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram. |
1042 | GEN 36:1 | Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale: |
1043 | GEN 36:2 | Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple |
1050 | GEN 36:9 | Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale: |
1051 | GEN 36:10 | Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ. |
1052 | GEN 36:11 | Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz. |
1054 | GEN 36:13 | Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi. |
1058 | GEN 36:17 | Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo. |
1059 | GEN 36:18 | Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me. |
1061 | GEN 36:20 | Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, |
1064 | GEN 36:23 | Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam. |
1065 | GEN 36:24 | Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.) |
1066 | GEN 36:25 | Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama. |
1067 | GEN 36:26 | Dison ƒe viwoe nye: Hemdan, Esban, Itran kple Keran. |
1068 | GEN 36:27 | Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan. |
1069 | GEN 36:28 | Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. |
1072 | GEN 36:31 | Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: |
1081 | GEN 36:40 | Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet, |
1268 | GEN 42:15 | Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia. |
1286 | GEN 42:33 | Ŋutsu la gblɔ na mi be, ‘Mɔ si dzi mato anya ne mienye nu si miebe yewonye le nyateƒe me lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye le afi sia, eye miatsɔ bli ayi aƒee na miaƒe ƒometɔwo, |
1299 | GEN 43:8 | Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku. |
1302 | GEN 43:11 | Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la. |
1353 | GEN 44:28 | eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. |
1395 | GEN 46:8 | Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ. |
1396 | GEN 46:9 | Ruben ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi. |
1397 | GEN 46:10 | Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada. |
1398 | GEN 46:11 | Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari. |
1399 | GEN 46:12 | Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul. |
1400 | GEN 46:13 | Isaka ƒe viŋutsuwo: Tola, Puva, Yob, Simrɔn. |
1401 | GEN 46:14 | Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil. |
1403 | GEN 46:16 | Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli. |
1404 | GEN 46:17 | Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel. |
1406 | GEN 46:19 | Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin. |
1407 | GEN 46:20 | Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la. |
1408 | GEN 46:21 | Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard. |
1410 | GEN 46:23 | Dan ƒe viŋutsue nye: Husim. |
1411 | GEN 46:24 | Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem. |
1450 | GEN 47:29 | Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o. |
1472 | GEN 48:20 | Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’ ” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase. |
1503 | GEN 49:29 | Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi, |
1524 | GEN 50:17 | ‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi. |
1534 | EXO 1:1 | Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye: |
1623 | EXO 4:21 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. |
1634 | EXO 5:1 | Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ” |
1670 | EXO 6:14 | Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo. |
1671 | EXO 6:15 | Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo. |
1673 | EXO 6:17 | Gerson ƒe viwoe nye: Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo. |
1674 | EXO 6:18 | Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). |
1675 | EXO 6:19 | Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu. |
1677 | EXO 6:21 | Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri. |
1678 | EXO 6:22 | Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri. |
1680 | EXO 6:24 | Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me. |
1682 | EXO 6:26 | Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.” |
1730 | EXO 8:15 | Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. |
1731 | EXO 8:16 | Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. |
1828 | EXO 12:11 | Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. |
1837 | EXO 12:20 | Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.” |
1863 | EXO 12:46 | Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. |
1942 | EXO 15:21 | Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.” |
1968 | EXO 16:20 | Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, |