57 | GEN 3:1 | Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?” |
65 | GEN 3:9 | Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?” |
67 | GEN 3:11 | Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?” |
69 | GEN 3:13 | Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.” |
78 | GEN 3:22 | Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” |
86 | GEN 4:6 | Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo? |
89 | GEN 4:9 | Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?” |
90 | GEN 4:10 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. |
317 | GEN 12:18 | Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? |
318 | GEN 12:19 | Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!” |
363 | GEN 15:2 | Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?” |
369 | GEN 15:8 | Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?” |
390 | GEN 16:8 | Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.” |
395 | GEN 16:13 | Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.” |
415 | GEN 17:17 | Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?” |
434 | GEN 18:9 | Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.” |
437 | GEN 18:12 | Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?” |
438 | GEN 18:13 | Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ |
439 | GEN 18:14 | Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.” |
442 | GEN 18:17 | Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? |
448 | GEN 18:23 | Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? |
449 | GEN 18:24 | Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? |
450 | GEN 18:25 | Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” |
453 | GEN 18:28 | Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.” |
454 | GEN 18:29 | Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.” |
455 | GEN 18:30 | Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.” |
456 | GEN 18:31 | Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.” |
457 | GEN 18:32 | Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.” |
467 | GEN 19:9 | Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. |
470 | GEN 19:12 | Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, |
478 | GEN 19:20 | Kpɔ ɖa, du la medidi tso afi sia kura o, eye du sue aɖe koe. Meɖe kuku mina mayi afi ma boŋ. Miekpɔ ale si wònye du sue aɖe oa? Matsi agbe le afi ma.” |
500 | GEN 20:4 | Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea? |
505 | GEN 20:9 | Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.” |
506 | GEN 20:10 | Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” |
521 | GEN 21:7 | Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!” |
531 | GEN 21:17 | Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la. |
540 | GEN 21:26 | Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?” |
543 | GEN 21:29 | eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?” |
555 | GEN 22:7 | Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?” |
587 | GEN 23:15 | “Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.” |
597 | GEN 24:5 | Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?” |
615 | GEN 24:23 | Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?” |
623 | GEN 24:31 | Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.” |
631 | GEN 24:39 | “Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’ |
639 | GEN 24:47 | “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ. |
641 | GEN 24:49 | eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.” |
650 | GEN 24:58 | Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.” |
657 | GEN 24:65 | Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. |
691 | GEN 25:32 | Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?” |
702 | GEN 26:9 | Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.” |
703 | GEN 26:10 | Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” |
720 | GEN 26:27 | Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.” |
740 | GEN 27:12 | Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!” |
746 | GEN 27:18 | Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?” |
748 | GEN 27:20 | Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.” |
752 | GEN 27:24 | “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!” |
760 | GEN 27:32 | Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!” |
761 | GEN 27:33 | Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, “Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu vɛ nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?” |
764 | GEN 27:36 | Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?” |
766 | GEN 27:38 | Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o. |
800 | GEN 29:4 | Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” |
801 | GEN 29:5 | Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” |
802 | GEN 29:6 | Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.” |
803 | GEN 29:7 | Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.” |
811 | GEN 29:15 | Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?” |
821 | GEN 29:25 | Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?” |
833 | GEN 30:2 | Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?” |
846 | GEN 30:15 | Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.” |
859 | GEN 30:28 | Ho neni mada ɖe fetu dzi na wò be nàganɔ gbɔnye? Ho sia ho si wòanye la, maxee na wò.” |
861 | GEN 30:30 | elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?” |
862 | GEN 30:31 | Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. |
900 | GEN 31:26 | Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? |
901 | GEN 31:27 | Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo? |
902 | GEN 31:28 | Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ. |
904 | GEN 31:30 | Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?” |
910 | GEN 31:36 | Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? |
911 | GEN 31:37 | Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe wò ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome. |
913 | GEN 31:39 | Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o! |
917 | GEN 31:43 | Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? |
946 | GEN 32:18 | Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la, |
956 | GEN 32:28 | Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.” |
958 | GEN 32:30 | Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma. |
966 | GEN 33:5 | Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.” |
969 | GEN 33:8 | Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.” |
1012 | GEN 34:31 | Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?” |
1092 | GEN 37:8 | Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta. |
1094 | GEN 37:10 | Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?” |
1099 | GEN 37:15 | ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?” |
1100 | GEN 37:16 | Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?” |
1110 | GEN 37:26 | Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi? |
1114 | GEN 37:30 | Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?” |
1116 | GEN 37:32 | Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?” |
1136 | GEN 38:16 | Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?” |
1137 | GEN 38:17 | Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.” Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?” |
1138 | GEN 38:18 | Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu. |
1141 | GEN 38:21 | Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.” |
1145 | GEN 38:25 | Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?” |
1149 | GEN 38:29 | ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.” |
1159 | GEN 39:9 | Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.” |
1180 | GEN 40:7 | Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?” |