109 | GEN 5:3 | Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. |
112 | GEN 5:6 | Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. |
114 | GEN 5:8 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku. |
116 | GEN 5:10 | eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. |
120 | GEN 5:14 | Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910). |
124 | GEN 5:18 | Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. |
131 | GEN 5:25 | Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. |
134 | GEN 5:28 | Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. |
153 | GEN 6:15 | Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. |
292 | GEN 11:25 | Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ (119), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
351 | GEN 14:14 | Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan. |
1040 | GEN 35:28 | Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi (180). |
1672 | EXO 6:16 | Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). |
1674 | EXO 6:18 | Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). |
1676 | EXO 6:20 | Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). |
3646 | NUM 1:41 | Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). |
3668 | NUM 2:9 | Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu. |
3675 | NUM 2:16 | Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. |
3683 | NUM 2:24 | Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho. |
3687 | NUM 2:28 | ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). |
3690 | NUM 2:31 | Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu. |
3743 | NUM 3:50 | Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã (15.5) le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu |
4244 | NUM 17:14 | ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. |
4542 | NUM 26:51 | Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730). |
4671 | NUM 31:5 | Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me. |
4700 | NUM 31:34 | tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple |
4706 | NUM 31:40 | nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo. |
4712 | NUM 31:46 | nyɔnuvi akpe wuiade (16,000). |
4718 | NUM 31:52 | Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190). |
6029 | JOS 8:25 | Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. |
6607 | JDG 4:6 | Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. |
6611 | JDG 4:10 | afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii. |
6699 | JDG 7:3 | Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ. |
6731 | JDG 8:10 | Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo. |
7100 | JDG 20:44 | Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. |
7114 | JDG 21:10 | Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve (12,000) be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead. |
7566 | 1SA 15:4 | Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, |
8216 | 2SA 8:4 | David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko. |
8225 | 2SA 8:13 | Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime |
8249 | 2SA 10:6 | Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi. |
8670 | 2SA 23:14 | 16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. |
8873 | 1KI 5:6 | Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si. |
8895 | 1KI 5:28 | Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram. |
9051 | 1KI 8:63 | Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale Fia la kple Israelviwo katã kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. |
9108 | 1KI 10:26 | Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem. |
9440 | 1KI 20:29 | Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka (100,000) le ŋkeke gbãtɔ dzi. |
9882 | 2KI 13:7 | Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene. |
9913 | 2KI 14:13 | Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180). |
10220 | 2KI 24:14 | Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. |
10453 | 1CH 5:21 | Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000). |
10550 | 1CH 7:11 | Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli. |
10619 | 1CH 8:40 | Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo. |
10632 | 1CH 9:13 | Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade (1,760). Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me. |
10641 | 1CH 9:22 | Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve (212). Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu. David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo. |
10750 | 1CH 12:26 | aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome; |
10756 | 1CH 12:32 | Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia. |
10759 | 1CH 12:35 | Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome. |
10762 | 1CH 12:38 | Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi. |
10801 | 1CH 15:5 | Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel. |
10803 | 1CH 15:7 | Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) siwo nu, Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome. |
10806 | 1CH 15:10 | eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome. |
10899 | 1CH 18:4 | David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko. |
10907 | 1CH 18:12 | Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime. |
10944 | 1CH 21:5 | Yoab gblɔ na David be, ame siwo ate ŋu awɔ aʋa la nye ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka (1,100,000) le Israel kple ame akpe alafa ene blaadre (470,000) le Yuda. |
11112 | 1CH 26:30 | Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi. |
11173 | 1CH 29:4 | “Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu |
11176 | 1CH 29:7 | Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika “tɔn” alafa ɖeka blaadre (170), sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo “tɔn” alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ (345) kple akɔbli “tɔn” alafa ade kple ewo (610) kple gayibɔ “tɔn” akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450). |
11190 | 1CH 29:21 | Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu. |
11213 | 2CH 1:14 | Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã. |
11233 | 2CH 2:16 | Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade. |
11285 | 2CH 5:12 | Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum. |
11334 | 2CH 7:5 | eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu. |
11394 | 2CH 9:25 | Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ. |
11420 | 2CH 11:1 | Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. |
11445 | 2CH 12:3 | kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. |
11542 | 2CH 17:14 | Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te. |
11546 | 2CH 17:18 | Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie. |
11662 | 2CH 23:1 | Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo (100) ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi. |
11697 | 2CH 24:15 | Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. |
11714 | 2CH 25:5 | Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. |
11715 | 2CH 25:6 | Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃. |
11775 | 2CH 28:6 | Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome. |
11828 | 2CH 29:32 | Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa. |
11856 | 2CH 30:24 | Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. |
12030 | EZR 1:9 | Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale: Sikanuɖugba blaetɔ̃ (30), Klosalonuɖugba akpe ɖeka (1,000), Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ (29), |
12031 | EZR 1:10 | Sikagagba blaetɔ̃ (30), Klosalogagba alafa ene kple ewo (410), nu bubuwo akpe ɖeka (1,000). |
12035 | EZR 2:3 | Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172). |
12038 | EZR 2:6 | Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812). |
12039 | EZR 2:7 | Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). |
12044 | EZR 2:12 | Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222). |
12050 | EZR 2:18 | Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112). |
12053 | EZR 2:21 | Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). |