13 | GEN 1:13 | Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia. |
23 | GEN 1:23 | Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia. |
40 | GEN 2:9 | Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina. |
45 | GEN 2:14 | Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la. |
48 | GEN 2:17 | gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.” |
52 | GEN 2:21 | Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. |
54 | GEN 2:23 | Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.” |
55 | GEN 2:24 | Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka. |
56 | GEN 2:25 | Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o. |
61 | GEN 3:5 | Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.” |
62 | GEN 3:6 | Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu. |
64 | GEN 3:8 | Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. |
66 | GEN 3:10 | Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” |
68 | GEN 3:12 | Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.” |
72 | GEN 3:16 | Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.” |
73 | GEN 3:17 | Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me. |
76 | GEN 3:20 | Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.” |
77 | GEN 3:21 | Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. |
78 | GEN 3:22 | Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” |
81 | GEN 4:1 | Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.” |
87 | GEN 4:7 | Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!” |
90 | GEN 4:10 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. |
92 | GEN 4:12 | Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.” |
97 | GEN 4:17 | Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk. |
99 | GEN 4:19 | Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila. |
102 | GEN 4:22 | Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama. |
103 | GEN 4:23 | Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim. |
105 | GEN 4:25 | Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.” |
109 | GEN 5:3 | Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. |
111 | GEN 5:5 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku. |
112 | GEN 5:6 | Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. |
116 | GEN 5:10 | eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. |
117 | GEN 5:11 | Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku. |
121 | GEN 5:15 | Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. |
122 | GEN 5:16 | Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, |
123 | GEN 5:17 | eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). |
127 | GEN 5:21 | Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. |
128 | GEN 5:22 | Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
129 | GEN 5:23 | Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365), |
136 | GEN 5:30 | Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
138 | GEN 5:32 | Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet. |
141 | GEN 6:3 | Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.” |
142 | GEN 6:4 | Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. |
143 | GEN 6:5 | Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, |
145 | GEN 6:7 | Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.” |
148 | GEN 6:10 | Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet. |
149 | GEN 6:11 | Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ. |
151 | GEN 6:13 | Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. |
153 | GEN 6:15 | Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. |
154 | GEN 6:16 | Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi. |
155 | GEN 6:17 | “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃. |
156 | GEN 6:18 | “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo. |
164 | GEN 7:4 | Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.” |
167 | GEN 7:7 | Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu. |
173 | GEN 7:13 | Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo. |
180 | GEN 7:20 | eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã. |
181 | GEN 7:21 | Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. |
182 | GEN 7:22 | Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃. |
183 | GEN 7:23 | Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. |
184 | GEN 7:24 | Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃. |
187 | GEN 8:3 | Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, |
200 | GEN 8:16 | “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. |
202 | GEN 8:18 | Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo. |
205 | GEN 8:21 | Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã. |
208 | GEN 9:2 | Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. |
213 | GEN 9:7 | Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.” |
217 | GEN 9:11 | Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o. |
221 | GEN 9:15 | ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o. |
224 | GEN 9:18 | Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.) |
225 | GEN 9:19 | Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me. |
234 | GEN 9:28 | Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ (350) le tsiɖɔɖɔ megbe. |
235 | GEN 9:29 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku. |
278 | GEN 11:11 | Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
279 | GEN 11:12 | Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela. |
280 | GEN 11:13 | Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
281 | GEN 11:14 | Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber, |
282 | GEN 11:15 | eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
283 | GEN 11:16 | Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg. |
284 | GEN 11:17 | Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. |
285 | GEN 11:18 | Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu. |
287 | GEN 11:20 | Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug. |
289 | GEN 11:22 | Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor. |