Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   E    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

2  GEN 1:2  Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme eke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
3  GEN 1:3  Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.
5  GEN 1:5  Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.
6  GEN 1:6  Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”
8  GEN 1:8  Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
9  GEN 1:9  Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.
11  GEN 1:11  Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.
13  GEN 1:13  Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
15  GEN 1:15  eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema.
16  GEN 1:16  Mawu wɔ nu keklẽ eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suesi nye ɣleti la naklẽ le me. Eɣletiviwo hã.
19  GEN 1:19  Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.
23  GEN 1:23  Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.
24  GEN 1:24  Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemeɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema.
25  GEN 1:25  Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo domeɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo.
30  GEN 1:30  Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema.
31  GEN 1:31  Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
33  GEN 2:2  Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.
35  GEN 2:4  Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.
39  GEN 2:8  Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me.
41  GEN 2:10  Tɔsisie tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me.
42  GEN 2:11  Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le.
44  GEN 2:13  Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.
45  GEN 2:14  Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
46  GEN 2:15  Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene.
50  GEN 2:19  Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ.
52  GEN 2:21  Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la.
54  GEN 2:23  Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
55  GEN 2:24  Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
62  GEN 3:6  Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu.
63  GEN 3:7  Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
70  GEN 3:14  Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade ɖeka le emekple gbemesiwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le agbemeŋkekewo katã me.
71  GEN 3:15  Tso azɔ dzi la, made fuléle kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”
73  GEN 3:17  Mawu gblɔ na Adam be, Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
76  GEN 3:20  Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”
78  GEN 3:22  Yehowa Mawu gblɔ be, Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?”
79  GEN 3:23  Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi.
80  GEN 3:24  Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.
81  GEN 4:1  Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.”
82  GEN 4:2  Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela.
88  GEN 4:8  Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel.
89  GEN 4:9  Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?”
96  GEN 4:16  Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi.
97  GEN 4:17  Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso due la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk.
98  GEN 4:18  Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo.
100  GEN 4:20  Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la domegbãtɔ.
102  GEN 4:22  Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama.
105  GEN 4:25  Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”
106  GEN 4:26  Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.
107  GEN 5:1  Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbela ee ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.
108  GEN 5:2  Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Ewo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
110  GEN 5:4  Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
111  GEN 5:5  Eƒe alafa asiekple blaetɔ̃ (930) hafi ku.
112  GEN 5:6  Set ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos.
113  GEN 5:7  Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
114  GEN 5:8  Eƒe alafa asiekple wuieve (912) hafi ku.
115  GEN 5:9  Esime Enos ƒe blaasiela, ezu fofo na Kenan,
116  GEN 5:10  eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ.
117  GEN 5:11  Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekple atɔ̃ (905), eye wòku.
119  GEN 5:13  Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe.
122  GEN 5:16  Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo,
124  GEN 5:18  Yared ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk.
125  GEN 5:19  Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
127  GEN 5:21  Enɔk ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela.
128  GEN 5:22  Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
129  GEN 5:23  Enɔk ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365),
132  GEN 5:26  Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve (782). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
136  GEN 5:30  Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
143  GEN 6:5  Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la,
160  GEN 6:22  Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe ene.
167  GEN 7:7  Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.
177  GEN 7:17  Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Eanyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi.
178  GEN 7:18  Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi.
185  GEN 8:1  Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena yae ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me,
196  GEN 8:12  Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o.
204  GEN 8:20  Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la domeewo.
223  GEN 9:17  Eye Mawu gblɔ na Noa be, Esiae nye nubabla si mekple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”
227  GEN 9:21  Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me.
230  GEN 9:24  Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu sue ɖe eŋu la,
232  GEN 9:26  Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem.
235  GEN 9:29  Eƒe alafa asieblaatɔ̃ (950) hafi ku.
239  GEN 10:4  Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.
241  GEN 10:6  Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
244  GEN 10:9  Enye adela xɔŋkɔe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”