1 | GEN 1:1 | Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. |
6 | GEN 1:6 | Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” |
73 | GEN 3:17 | Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me. |
83 | GEN 4:3 | Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, |
98 | GEN 4:18 | Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo. |
99 | GEN 4:19 | Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila. |
102 | GEN 4:22 | Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama. |
103 | GEN 4:23 | Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim. |
104 | GEN 4:24 | Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!” |
106 | GEN 4:26 | Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me. |
110 | GEN 5:4 | Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
131 | GEN 5:25 | Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. |
134 | GEN 5:28 | Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. |
135 | GEN 5:29 | Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.” |
136 | GEN 5:30 | Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
137 | GEN 5:31 | Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777). |
139 | GEN 6:1 | Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, |
142 | GEN 6:4 | Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. |
164 | GEN 7:4 | Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.” |
168 | GEN 7:8 | Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, |
170 | GEN 7:10 | Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi. |
171 | GEN 7:11 | Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. |
174 | GEN 7:14 | Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. |
187 | GEN 8:3 | Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, |
189 | GEN 8:5 | Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me. |
190 | GEN 8:6 | Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka, |
194 | GEN 8:10 | Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu. |
203 | GEN 8:19 | Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. |
248 | GEN 10:13 | Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, |
254 | GEN 10:19 | tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.) |
257 | GEN 10:22 | Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. |
268 | GEN 11:1 | Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko. |
294 | GEN 11:27 | Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot. |
298 | GEN 11:31 | Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran. |
300 | GEN 12:1 | Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi. |
303 | GEN 12:4 | Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. |
304 | GEN 12:5 | Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. |
307 | GEN 12:8 | Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. |
313 | GEN 12:14 | Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. |
320 | GEN 13:1 | Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kpakple Lot kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo si la ŋu, eye wozɔ mɔ to Egipte ƒe dzigbeme yi Negeb. |
324 | GEN 13:5 | Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi. |
325 | GEN 13:6 | Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la. |
326 | GEN 13:7 | Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi. |
327 | GEN 13:8 | Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ. |
329 | GEN 13:10 | Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte. |
330 | GEN 13:11 | Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ. |
331 | GEN 13:12 | Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la. |
333 | GEN 13:14 | Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò, |
342 | GEN 14:5 | Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim |
349 | GEN 14:12 | Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. |
351 | GEN 14:14 | Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan. |
353 | GEN 14:16 | Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. |
362 | GEN 15:1 | Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.” |
374 | GEN 15:13 | Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ. |
377 | GEN 15:16 | Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.” |
387 | GEN 16:5 | Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.” |
396 | GEN 16:14 | Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome. |
422 | GEN 17:24 | Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ, |
426 | GEN 18:1 | Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. |
435 | GEN 18:10 | Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. |
439 | GEN 18:14 | Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.” |
441 | GEN 18:16 | Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa. |
459 | GEN 19:1 | Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. |
461 | GEN 19:3 | Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ, |
463 | GEN 19:5 | eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.” |
464 | GEN 19:6 | Lot tu ʋɔ ɖe amedzroawo nu, eye wòyi wo gbɔ |
467 | GEN 19:9 | Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. |
468 | GEN 19:10 | Ke mawudɔla eveawo ʋu ʋɔa, do asi ɖa, he Lot va xɔa me, tu ʋɔa, |
470 | GEN 19:12 | Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, |
472 | GEN 19:14 | Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene. |
473 | GEN 19:15 | Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.” |
474 | GEN 19:16 | Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. |
476 | GEN 19:18 | Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi. |
481 | GEN 19:23 | Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar. |
484 | GEN 19:26 | Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ. |
487 | GEN 19:29 | Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me. |
488 | GEN 19:30 | Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo. |
492 | GEN 19:34 | Le ŋdi me la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Medɔ fofonye gbɔ le zã si va yi la me. Na míagana ahae wòagano amu, eye wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ale be míaƒe ƒome la nadzi ɖe edzi.” |
494 | GEN 19:36 | Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot. |
511 | GEN 20:15 | Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.” |
536 | GEN 21:22 | Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. |
546 | GEN 21:32 | Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe. |
549 | GEN 22:1 | Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.” |
551 | GEN 22:3 | Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la. |
552 | GEN 22:4 | Le ŋkeke ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, Abraham kpɔ teƒe la le adzɔge ʋĩi. |
559 | GEN 22:11 | Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.” |
568 | GEN 22:20 | Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogblɔ na Abraham be, “Milka hã zu vinɔ, edzi viŋutsuwo na nɔviwò ŋutsu, Nahor. |
621 | GEN 24:29 | Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban. |
624 | GEN 24:32 | Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ. |
625 | GEN 24:33 | Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.” |
633 | GEN 24:41 | Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’ |
642 | GEN 24:50 | Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o. |
644 | GEN 24:52 | Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. |
652 | GEN 24:60 | Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” |
654 | GEN 24:62 | Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi. |
662 | GEN 25:3 | Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. |