Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   S    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

43  GEN 2:12  (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.)
103  GEN 4:23  Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be,Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
105  GEN 4:25  Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.”
106  GEN 4:26  Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.
109  GEN 5:3  Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me.
110  GEN 5:4  Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
112  GEN 5:6  Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos.
138  GEN 5:32  Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet.
148  GEN 6:10  Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet.
173  GEN 7:13  Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo.
224  GEN 9:18  Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.)
229  GEN 9:23  Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsna wo fofo.
232  GEN 9:26  Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem.
233  GEN 9:27  Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.”
236  GEN 10:1  Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:
242  GEN 10:7  Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan.
245  GEN 10:10  Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si Sinarnyigba la dzi gbã.
250  GEN 10:15  Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.
252  GEN 10:17  Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo,
254  GEN 10:19  tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
256  GEN 10:21  Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber.
257  GEN 10:22  Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.
259  GEN 10:24  Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber.
261  GEN 10:26  Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,
263  GEN 10:28  Obal, Abimael, Seba,
265  GEN 10:30  (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.)
266  GEN 10:31  Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu.
269  GEN 11:2  Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o.
277  GEN 11:10  Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad.
279  GEN 11:12  Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela.
280  GEN 11:13  Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
281  GEN 11:14  Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber,
282  GEN 11:15  eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
287  GEN 11:20  Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug.
288  GEN 11:21  Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre (207), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
289  GEN 11:22  Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor.
290  GEN 11:23  Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve (200), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
296  GEN 11:29  Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska.
297  GEN 11:30  Ke Sarai medzi vi aɖeke o.
298  GEN 11:31  Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran.
304  GEN 12:5  Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan.
305  GEN 12:6  Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.
310  GEN 12:11  Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ.
311  GEN 12:12  Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be,Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’
315  GEN 12:16  Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.
316  GEN 12:17  Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesaɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta.
329  GEN 13:10  Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdansisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.
331  GEN 13:12  Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la.
332  GEN 13:13  Ame siwo Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.
338  GEN 14:1  Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia,
339  GEN 14:2  ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu.
340  GEN 14:3  Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.)
342  GEN 14:5  Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim
343  GEN 14:6  kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu.
345  GEN 14:8  Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime,
346  GEN 14:9  ɖe Kedolaoma, Elam fia, Tidal, Goyim fia, Amrafel, Sinar fia kple Ariok, Elasar fia ŋu. Fia ene kpe aʋa kple fia atɔ̃.
347  GEN 14:10  Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi.
348  GEN 14:11  Dziɖulawo ha Sodom kple Gomora ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã heɖo ta aƒe kpli wo.
349  GEN 14:12  Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã.
354  GEN 14:17  Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee,
355  GEN 14:18  eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,
358  GEN 14:21  Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.”
383  GEN 16:1  Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar.
384  GEN 16:2  Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi.
385  GEN 16:3  Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a.
386  GEN 16:4  Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.
387  GEN 16:5  Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”
388  GEN 16:6  Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe besi dzo.
389  GEN 16:7  Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.
390  GEN 16:8  Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be,Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”
413  GEN 17:15  Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be,Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’
415  GEN 17:17  Esi Abraham se nya siawo la, etsmo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”
417  GEN 17:19  Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.
419  GEN 17:21  Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.”
431  GEN 18:6  Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
434  GEN 18:9  Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”
435  GEN 18:10  Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’  Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem.
436  GEN 18:11  Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.
437  GEN 18:12  Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”
438  GEN 18:13  Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’
439  GEN 18:14  Ɖe nane sesakpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”
440  GEN 18:15  Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
441  GEN 18:16  Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.
445  GEN 18:20  Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi.
447  GEN 18:22  Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume.
451  GEN 18:26  Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.”
459  GEN 19:1  Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.
462  GEN 19:4  eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la,
469  GEN 19:11  eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tssẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o.