54 | GEN 2:23 | Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.” |
70 | GEN 3:14 | Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me. |
87 | GEN 4:7 | Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!” |
95 | GEN 4:15 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o. |
141 | GEN 6:3 | Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.” |
148 | GEN 6:10 | Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet. |
152 | GEN 6:14 | Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. |
154 | GEN 6:16 | Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi. |
176 | GEN 7:16 | Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu. |
200 | GEN 8:16 | “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. |
231 | GEN 9:25 | egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.” |
232 | GEN 9:26 | Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem. |
236 | GEN 10:1 | Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale: |
240 | GEN 10:5 | (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.) |
255 | GEN 10:20 | Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si. |
266 | GEN 10:31 | Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu. |
270 | GEN 11:3 | Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe. |
271 | GEN 11:4 | Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.” |
302 | GEN 12:3 | Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.” |
305 | GEN 12:6 | Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi. |
341 | GEN 14:4 | Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me. |
344 | GEN 14:7 | Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi. |
349 | GEN 14:12 | Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. |
352 | GEN 14:15 | Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo. |
376 | GEN 15:15 | Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe. |
387 | GEN 16:5 | Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.” |
403 | GEN 17:5 | Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. |
408 | GEN 17:10 | Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. |
409 | GEN 17:11 | Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. |
410 | GEN 17:12 | Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã. |
412 | GEN 17:14 | Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o.” |
413 | GEN 17:15 | Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’ |
424 | GEN 17:26 | Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. |
434 | GEN 18:9 | Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.” |
435 | GEN 18:10 | Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. |
460 | GEN 19:2 | Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.” |
467 | GEN 19:9 | Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. |
470 | GEN 19:12 | Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, |
526 | GEN 21:12 | Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso. |
565 | GEN 22:17 | makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi, |
625 | GEN 24:33 | Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.” |
649 | GEN 24:57 | Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.” |
663 | GEN 25:4 | Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. |
677 | GEN 25:18 | Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo. |
685 | GEN 25:26 | Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo. |
696 | GEN 26:3 | Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene. |
708 | GEN 26:15 | Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la. |
713 | GEN 26:20 | Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” |
721 | GEN 26:28 | Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. |
741 | GEN 27:13 | Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.” |
752 | GEN 27:24 | “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!” |
757 | GEN 27:29 | Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.” |
760 | GEN 27:32 | Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!” |
768 | GEN 27:40 | Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.” |
788 | GEN 28:14 | elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi. |
800 | GEN 29:4 | Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” |
801 | GEN 29:5 | Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” |
802 | GEN 29:6 | Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.” |
804 | GEN 29:8 | Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.” |
863 | GEN 30:32 | Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu. |
933 | GEN 32:5 | Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe. |
947 | GEN 32:19 | woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!” |
957 | GEN 32:29 | Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.” |
958 | GEN 32:30 | Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma. |
965 | GEN 33:4 | Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe! |
969 | GEN 33:8 | Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.” |
995 | GEN 34:14 | Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ. |
1007 | GEN 34:26 | Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe. |
1009 | GEN 34:28 | Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã. |
1010 | GEN 34:29 | Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi. |
1012 | GEN 34:31 | Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?” |
1022 | GEN 35:10 | Mawu gblɔ nɛ be, “Wò ŋkɔe nye Yakob, gake womagayɔ wò azɔ be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ o, ke boŋ woayɔ wò azɔ be Israel si gɔmee nye ‘Ame si te kame kple Mawu.’ |
1038 | GEN 35:26 | Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram. |
1046 | GEN 36:5 | Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi. |
1048 | GEN 36:7 | Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta. |
1057 | GEN 36:16 | Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo. |
1058 | GEN 36:17 | Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo. |
1059 | GEN 36:18 | Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me. |
1062 | GEN 36:21 | Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo. |
1084 | GEN 36:43 | Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo. |
1103 | GEN 37:19 | Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa! |
1109 | GEN 37:25 | Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte. |
1116 | GEN 37:32 | Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?” |
1117 | GEN 37:33 | Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.” |
1141 | GEN 38:21 | Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.” |
1150 | GEN 38:30 | Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera. |
1177 | GEN 40:4 | Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi. |
1181 | GEN 40:8 | Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.” |
1199 | GEN 41:3 | Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ. |
1210 | GEN 41:14 | Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume. |
1215 | GEN 41:19 | Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o. |
1231 | GEN 41:35 | Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao, |
1251 | GEN 41:55 | Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.” |