2 | GEN 1:2 | Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi. |
4 | GEN 1:4 | Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. |
5 | GEN 1:5 | Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ. |
6 | GEN 1:6 | Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” |
7 | GEN 1:7 | Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. |
8 | GEN 1:8 | Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia. |
9 | GEN 1:9 | Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. |
11 | GEN 1:11 | Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. |
15 | GEN 1:15 | eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. |
16 | GEN 1:16 | Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. |
18 | GEN 1:18 | aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. |
20 | GEN 1:20 | Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” |
21 | GEN 1:21 | Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. |
22 | GEN 1:22 | Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” |
24 | GEN 1:24 | Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. |
30 | GEN 1:30 | Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. |
40 | GEN 2:9 | Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina. |
42 | GEN 2:11 | Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le. |
44 | GEN 2:13 | Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi. |
48 | GEN 2:17 | gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.” |
50 | GEN 2:19 | Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. |
51 | GEN 2:20 | Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. |
53 | GEN 2:22 | Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ. |
55 | GEN 2:24 | Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka. |
57 | GEN 3:1 | Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?” |
61 | GEN 3:5 | Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.” |
66 | GEN 3:10 | Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” |
72 | GEN 3:16 | Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.” |
75 | GEN 3:19 | Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.” |
76 | GEN 3:20 | Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.” |
78 | GEN 3:22 | Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” |
81 | GEN 4:1 | Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.” |
82 | GEN 4:2 | Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela. |
83 | GEN 4:3 | Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, |
84 | GEN 4:4 | eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa, |
86 | GEN 4:6 | Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo? |
87 | GEN 4:7 | Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!” |
88 | GEN 4:8 | Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel. |
89 | GEN 4:9 | Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?” |
90 | GEN 4:10 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. |
91 | GEN 4:11 | Ke fifia fiƒode le dziwò, eye menya wò ɖa tso anyigba si nèdo gui kple nɔviwò ƒe ʋu la dzi. |
92 | GEN 4:12 | Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.” |
97 | GEN 4:17 | Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk. |
99 | GEN 4:19 | Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila. |
100 | GEN 4:20 | Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la dometɔ gbãtɔ. |
101 | GEN 4:21 | Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze. |
102 | GEN 4:22 | Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama. |
103 | GEN 4:23 | Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim. |
104 | GEN 4:24 | Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!” |
105 | GEN 4:25 | Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.” |
106 | GEN 4:26 | Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me. |
107 | GEN 5:1 | Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. |
109 | GEN 5:3 | Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. |
110 | GEN 5:4 | Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
113 | GEN 5:7 | Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
114 | GEN 5:8 | Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku. |
116 | GEN 5:10 | eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. |
118 | GEN 5:12 | Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. |
119 | GEN 5:13 | Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe. |
121 | GEN 5:15 | Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. |
122 | GEN 5:16 | Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, |
123 | GEN 5:17 | eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). |
124 | GEN 5:18 | Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. |
125 | GEN 5:19 | Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
126 | GEN 5:20 | Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962). |
127 | GEN 5:21 | Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. |
128 | GEN 5:22 | Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. |
129 | GEN 5:23 | Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365), |
130 | GEN 5:24 | eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe. |