47 | GEN 2:16 | Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me, |
310 | GEN 12:11 | Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ. |
440 | GEN 18:15 | Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.” |
499 | GEN 20:3 | Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.” |
505 | GEN 20:9 | Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.” |
578 | GEN 23:6 | “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.” |
650 | GEN 24:58 | Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.” |
846 | GEN 30:15 | Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.” |
860 | GEN 30:29 | Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii, |
913 | GEN 31:39 | Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o! |
1145 | GEN 38:25 | Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?” |
1346 | GEN 44:21 | Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’ |
1446 | GEN 47:25 | Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.” |
1703 | EXO 7:17 | Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! |
1928 | EXO 15:7 | “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene. |
1933 | EXO 15:12 | Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo. |
2018 | EXO 18:18 | Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. |
2050 | EXO 19:23 | Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.” |
2461 | EXO 32:22 | Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye. |
2486 | EXO 33:12 | Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim. |
4317 | NUM 20:5 | Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!” |
4326 | NUM 20:14 | Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii, |
5160 | DEU 9:1 | “O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. |
5402 | DEU 18:16 | elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o. |
5585 | DEU 26:17 | Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. |
5820 | DEU 33:8 | Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. |
6195 | JOS 14:6 | Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia? |
6201 | JOS 14:12 | eya ta mele bia wòm be nàtsɔ tonyigba si ŋugbe Yehowa do nam la nam. Èɖo ŋku edzi be le míaƒe ŋkutsatsa me la, míekpɔ Anakviwo wonɔ du gã siwo woɖo gli ƒo xlãe la me. Ke ne Yehowa li kplim la, manya wo ɖa le anyigba la dzi.” |
6526 | JDG 1:15 | Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ. |
6866 | JDG 11:35 | Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.” |
6893 | JDG 13:7 | Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ” |
6927 | JDG 14:16 | Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?” |
6949 | JDG 15:18 | Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?” |
6966 | JDG 16:15 | Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!” |
7164 | RUT 2:13 | Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.” |
7195 | RUT 4:3 | Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram, |
7500 | 1SA 13:13 | Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã. |
7590 | 1SA 15:28 | Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. |
7713 | 1SA 19:5 | Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.” |
7859 | 1SA 24:18 | Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò. |
7860 | 1SA 24:19 | Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o. |
8109 | 2SA 3:25 | Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.” |
8118 | 2SA 3:34 | Womebla wò asiwo hafi o. Womede ga wò afɔwo hafi o. Èku abe ale si wokuna le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.” Eye ameawo katã gafa avi nɛ. |
8207 | 2SA 7:24 | Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu. |
8298 | 2SA 12:9 | Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a! |
8301 | 2SA 12:12 | Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ” |
8437 | 2SA 16:8 | Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!” |
8460 | 2SA 17:8 | Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o. |
8492 | 2SA 18:11 | Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.” |
8520 | 2SA 19:7 | Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ. |
8566 | 2SA 20:9 | Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene. |
8576 | 2SA 20:19 | Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?” |
8631 | 2SA 22:26 | “Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o. |
8633 | 2SA 22:28 | Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi. |
8634 | 2SA 22:29 | Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli. |
8641 | 2SA 22:36 | Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. |
8642 | 2SA 22:37 | Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o. |
8646 | 2SA 22:41 | Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo. |
8649 | 2SA 22:44 | “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo. |
8654 | 2SA 22:49 | Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me, ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me, |
8731 | 1KI 1:11 | Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa? |
8778 | 1KI 2:5 | “Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le. |
8781 | 1KI 2:8 | “Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o. |
8793 | 1KI 2:20 | Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.” Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.” |
8825 | 1KI 3:6 | Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea. |
8884 | 1KI 5:17 | “Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.” |
9012 | 1KI 8:24 | Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye wò subɔla la dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene. |
9013 | 1KI 8:25 | “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi. |
9133 | 1KI 11:22 | Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?” Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.” |
9208 | 1KI 13:21 | Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o. |
9209 | 1KI 13:22 | Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’ ” |
9230 | 1KI 14:9 | Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem. |
9288 | 1KI 16:2 | “Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo, |
9424 | 1KI 20:13 | Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!” |
9483 | 1KI 21:29 | “Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.” |
9558 | 2KI 2:3 | Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.” |
9560 | 2KI 2:5 | Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!” |
9565 | 2KI 2:10 | Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.” |
9620 | 2KI 4:13 | Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Aƒe le asinye le nye ŋutɔ nye amewo dome.” |
9812 | 2KI 10:15 | Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me. |
9827 | 2KI 10:30 | Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.” |
9910 | 2KI 14:10 | Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” |
10048 | 2KI 18:20 | Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? |
10076 | 2KI 19:11 | Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ? |
10088 | 2KI 19:23 | Èdɔ wò dɔlawo be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi. Ègblɔ be, “Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame. Melã sedati kɔkɔwo kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi. Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke kple eƒe ave nyuitɔwo tame. |
10890 | 1CH 17:22 | Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu. |
10894 | 1CH 17:26 | Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. |
10977 | 1CH 22:8 | ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o. |
11302 | 2CH 6:15 | Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene. |
11522 | 2CH 16:8 | Mèɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Kustɔwo kple Libiatɔwo kple woƒe aʋakɔ gã la kple woƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã dzi oa? Èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣe ma ɣi eye wòtsɔ wo katã de asi na wò |
11523 | 2CH 16:9 | elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.” |
11728 | 2CH 25:19 | Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” |
11778 | 2CH 28:9 | Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o. |
12523 | NEH 9:8 | Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla. |