31 | GEN 1:31 | Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia. |
71 | GEN 3:15 | Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” |
193 | GEN 8:9 | Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me. |
195 | GEN 8:11 | Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ. |
229 | GEN 9:23 | Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo. |
329 | GEN 13:10 | Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte. |
336 | GEN 13:17 | Ɖi tsa le anyigba yeye si mele nawòm la ƒe afi sia afi, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu.” |
349 | GEN 14:12 | Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. |
353 | GEN 14:16 | Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. |
358 | GEN 14:21 | Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.” |
407 | GEN 17:9 | Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. |
408 | GEN 17:10 | Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. |
432 | GEN 18:7 | Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. |
474 | GEN 19:16 | Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. |
511 | GEN 20:15 | Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.” |
561 | GEN 22:13 | Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi. |
607 | GEN 24:15 | Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor. |
685 | GEN 25:26 | Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo. |
737 | GEN 27:9 | Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ. |
741 | GEN 27:13 | Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.” |
769 | GEN 27:41 | Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.” |
879 | GEN 31:5 | ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam. |
900 | GEN 31:26 | Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? |
927 | GEN 31:53 | Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu. |
983 | GEN 34:2 | Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe. |
1009 | GEN 34:28 | Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã. |
1028 | GEN 35:16 | Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo. |
1088 | GEN 37:4 | Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o. |
1089 | GEN 37:5 | Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi! |
1092 | GEN 37:8 | Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta. |
1108 | GEN 37:24 | eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me. |
1117 | GEN 37:33 | Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.” |
1140 | GEN 38:20 | Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o. |
1162 | GEN 39:12 | Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dɔ gbɔnye!” Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me. |
1170 | GEN 39:20 | Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo. |
1176 | GEN 40:3 | eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me. |
1179 | GEN 40:6 | Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui. |
1184 | GEN 40:11 | Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.” |
1189 | GEN 40:16 | Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta; |
1200 | GEN 41:4 | Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ! |
1216 | GEN 41:20 | Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi, |
1353 | GEN 44:28 | eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. |
1421 | GEN 46:34 | migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.” |
1460 | GEN 48:8 | Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?” |
1483 | GEN 49:9 | Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe? |
1501 | GEN 49:27 | “Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.” |
1570 | EXO 2:15 | Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to. |
1606 | EXO 4:4 | Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! |
1622 | EXO 4:20 | Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ! |
1698 | EXO 7:12 | Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. |
1701 | EXO 7:15 | “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. |
1737 | EXO 8:22 | Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí. |
1820 | EXO 12:3 | Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. |
1828 | EXO 12:11 | Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. |
1831 | EXO 12:14 | “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. |
1836 | EXO 12:19 | Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. |
1838 | EXO 12:21 | Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. |
1903 | EXO 14:13 | Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o. |
1929 | EXO 15:8 | Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina. |
1936 | EXO 15:15 | Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ. |
1947 | EXO 15:26 | “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.” |
1996 | EXO 17:12 | Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to. |
2018 | EXO 18:18 | Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. |
2057 | EXO 20:5 | Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi, |
2087 | EXO 21:9 | Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. |
2116 | EXO 22:1 | “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o. |
2117 | EXO 22:2 | Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu. |
2118 | EXO 22:3 | “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve. |
2121 | EXO 22:6 | “Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve. |
2170 | EXO 23:25 | “Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. |
2172 | EXO 23:27 | “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. |
2185 | EXO 24:7 | Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.” |
2260 | EXO 26:24 | Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. |
2265 | EXO 26:29 | Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti. |
2275 | EXO 27:2 | Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. |
2290 | EXO 27:17 | Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. |
2322 | EXO 28:28 | Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. |
2338 | EXO 29:1 | “Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o, |
2374 | EXO 29:37 | Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.” |
2393 | EXO 30:10 | “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.” |
2399 | EXO 30:16 | “Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.” |
2454 | EXO 32:15 | Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. |
2464 | EXO 32:25 | Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, |
2508 | EXO 34:11 | Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi. |
2596 | EXO 36:29 | Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. |
2605 | EXO 36:38 | Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu. |
2638 | EXO 38:4 | Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo. |
2646 | EXO 38:12 | Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. |
2651 | EXO 38:17 | Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. |
2653 | EXO 38:19 | Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. |
2655 | EXO 38:21 | Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te. |
2662 | EXO 38:28 | Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo. |
2671 | EXO 39:6 | Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, |
2681 | EXO 39:16 | Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; |