1814 | EXO 11:7 | “ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome! |
13017 | JOB 7:5 | Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm. |
14849 | PSA 59:16 | Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm. |
18184 | ISA 24:19 | Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe. |
24351 | MRK 2:22 | Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.” |