1936 | EXO 15:15 | Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ. |
1969 | EXO 16:21 | eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna. |
2443 | EXO 32:4 | Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!” |
5171 | DEU 9:12 | Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae. |
5602 | DEU 27:15 | “Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” |
8961 | 1KI 7:24 | Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu. |
8974 | 1KI 7:37 | Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi. |
8983 | 1KI 7:46 | Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome. |
10003 | 2KI 17:16 | Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo. |
11268 | 2CH 4:17 | Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. |
13459 | JOB 24:19 | Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe si lolõ la dzonae ene la, nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa nu vɔ̃ la hã dzonae. |
13509 | JOB 28:1 | “Klosalokuƒe li eye teƒe li si wololõa sika le. |
13510 | JOB 28:2 | Wokua gayibɔ le tome eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe. |
13768 | JOB 36:28 | lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me, eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi. |
14235 | PSA 22:15 | Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye. |
14934 | PSA 66:10 | Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene. |
14955 | PSA 68:3 | Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume. |
18029 | ISA 14:31 | Fa avi, o agbo! Do ɣli, o du! Mi Filistitɔwo katã milolõ. Dzudzɔ babla tso anyiehe, eye ame beli aɖeke mele woƒe aʋakɔwo dome o. |
18694 | ISA 48:10 | Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o. Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me. |
19185 | JER 6:27 | “Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe nye ga si lolõ ge woala, be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ. |
19251 | JER 9:6 | Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ, elabena nu bubu ka mawɔ le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta? |
19262 | JER 9:17 | Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí, eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me. |
19299 | JER 11:4 | Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu. |
20412 | LAM 2:11 | Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo. |
21020 | EZK 21:12 | Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” |
21065 | EZK 22:20 | Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi. |
21066 | EZK 22:21 | Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi. |
21067 | EZK 22:22 | Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ” |
22140 | DAN 11:35 | Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi. |
22337 | HOS 13:2 | “Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo. |
22569 | AMO 9:5 | Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene. |
22652 | MIC 1:4 | Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene. |
22758 | NAM 1:5 | Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume. |
30448 | 1PE 1:7 | Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. |
30601 | 2PE 3:12 | esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. |