Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   ĩ    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

52  GEN 2:21  Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la.
130  GEN 5:24  eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe.
172  GEN 7:12  Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene.
355  GEN 14:18  eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩla ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,
356  GEN 14:19  eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram,
357  GEN 14:20  eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩla, ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ.
359  GEN 14:22  Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la
373  GEN 15:12  Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe.
384  GEN 16:2  Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi.
431  GEN 18:6  Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
467  GEN 19:9  Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me.
552  GEN 22:4  Le ŋkeke ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, Abraham kpɔ teƒe la le adzɔge ʋĩi.
684  GEN 25:25  Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.”
689  GEN 25:30  Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.”
690  GEN 25:31  Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.”
745  GEN 27:17  Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ.
839  GEN 30:8  Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!”
875  GEN 31:1  Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.”
880  GEN 31:6  Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo,
937  GEN 32:9  elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”
949  GEN 32:21  Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.”
962  GEN 33:1  Yakob kpɔ Esau le adzɔge ʋĩi wògbɔna kple eƒe ame alafa ene. Ke ema ɖeviawo na Lea, Rahel kple kosi eveawo.
974  GEN 33:13  Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku,
1089  GEN 37:5  Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!
1093  GEN 37:9  Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”
1094  GEN 37:10  Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?”
1148  GEN 38:28  Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu,
1150  GEN 38:30  Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera.
1181  GEN 40:8  Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”
1182  GEN 40:9  Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me,
1189  GEN 40:16  Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta;
1204  GEN 41:8  Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.
1208  GEN 41:12  Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.
1213  GEN 41:17  Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to;
1302  GEN 43:11  Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la.
1303  GEN 43:12  Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae,
1361  GEN 45:2  Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake.
1559  EXO 2:4  Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi.
1561  EXO 2:6  Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.”
1562  EXO 2:7  Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?”
1563  EXO 2:8  Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!
1564  EXO 2:9  Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie.
1569  EXO 2:14  Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”
1608  EXO 4:6  Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi.
1654  EXO 5:21  wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”
1797  EXO 10:19  eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!
1886  EXO 13:18  Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ.
1901  EXO 14:11  Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte?
1925  EXO 15:4  Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.
1943  EXO 15:22  Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.
1945  EXO 15:24  Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”
1950  EXO 16:2  Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie.
1955  EXO 16:7  Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?”
1956  EXO 16:8  Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”
1957  EXO 16:9  Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ 
1960  EXO 16:12  “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
1987  EXO 17:3  Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?”
2040  EXO 19:13  Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”
2043  EXO 19:16  Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃.
2045  EXO 19:18  Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.
2090  EXO 21:12  “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui.
2141  EXO 22:26  elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye.
2176  EXO 23:31  “Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò.
2200  EXO 25:4  avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo,
2201  EXO 25:5  agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati,
2202  EXO 25:6  ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ,
2237  EXO 26:1  “Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩkple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.
2250  EXO 26:14  Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
2267  EXO 26:31  “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.
2272  EXO 26:36  “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.
2275  EXO 27:2  Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu.
2289  EXO 27:16  “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩkple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu.
2299  EXO 28:5  “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩkple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe.
2300  EXO 28:6  “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩkple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae.
2302  EXO 28:8  Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩkple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe.
2309  EXO 28:15  “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi.
2327  EXO 28:33  Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩkple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome.
2362  EXO 29:25  Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene.
2378  EXO 29:41  Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa.
2384  EXO 30:1  “Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo.
2390  EXO 30:7  “Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme.
2406  EXO 30:23  “Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃,
2408  EXO 30:25  Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.”
2417  EXO 30:34  Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe,
2421  EXO 30:38  Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”