4374 | NUM 21:33 | Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei. |
4376 | NUM 21:35 | Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la. |
4753 | NUM 32:33 | Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã. |
4898 | DEU 1:4 | Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe. |
4978 | DEU 3:1 | Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. |
4980 | DEU 3:3 | Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. |
4988 | DEU 3:11 | (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) |
4990 | DEU 3:13 | Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” |
5053 | DEU 4:47 | Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. |
5688 | DEU 29:6 | Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; |
5734 | DEU 31:4 | Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. |
5881 | JOS 2:10 | elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi. |
6049 | JOS 9:10 | kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu, |
6136 | JOS 12:4 | Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi. |
6137 | JOS 12:5 | Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba. |
6168 | JOS 13:12 | kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi. |
6186 | JOS 13:30 | Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me. |
6187 | JOS 13:31 | Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu. |
8866 | 1KI 4:19 | Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi. |
12537 | NEH 9:22 | “Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. |
16254 | PSA 135:11 | Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã, |
16284 | PSA 136:20 | kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. |