Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Ɛ    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

54  GEN 2:23  Tete ame la do dzidzɔɣli be,Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
68  GEN 3:12  Amea ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”
145  GEN 6:7  Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”
213  GEN 9:7  Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”
414  GEN 17:16  Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”
501  GEN 20:5  Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be,Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.”
502  GEN 20:6  Mawu ɖo eŋu be,Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.
617  GEN 24:25  Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.”
632  GEN 24:40  “Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome.
650  GEN 24:58  Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be,Ɛ̃, mayi.”
801  GEN 29:5  Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be,Ɛ̃, míenyae.”
802  GEN 29:6  Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be,Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.”
915  GEN 31:41  Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo.
1101  GEN 37:17  Ŋutsu la ɖo eŋu be,Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma.
1117  GEN 37:33  Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be,Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.”
1265  GEN 42:12  Etee ɖe wo dzi be,Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.”
1319  GEN 43:28  Woɖo eŋu be,Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene.
1345  GEN 44:20  eye míegblɔ be,Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’
1367  GEN 45:8  Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula.
1461  GEN 48:9  Yosef ɖo eŋu be,Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”
1563  EXO 2:8  Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be,Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!
1589  EXO 3:9  Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe.
1924  EXO 15:3  Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa.
2381  EXO 29:44  Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu.
2491  EXO 33:17  Yehowa ɖo eŋu na Mose be,Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.”
3279  LEV 18:27  Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ.
3483  LEV 25:13   ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ!
3557  LEV 26:32  Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta.
3562  LEV 26:37  Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene.
3958  NUM 8:18  Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe.
4277  NUM 18:19  Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.”
4461  NUM 24:14  Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”
4468  NUM 24:21  Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe, èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me,
4955  DEU 2:15  Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku.
5142  DEU 8:3  Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
5183  DEU 9:24  Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi,
6496  JOS 24:18  Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”
6500  JOS 24:22  Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be,Ɛ̃, míenye ɖasefowo.”
6502  JOS 24:24  Ameawo ɖo eŋu na Yosua be,Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!”
6627  JDG 5:2  “Mikafu Yehowa! Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe. Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe! Ɛ̃, mikafu Yehowa!
6630  JDG 5:5  Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!
6897  JDG 13:11  Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?” Ŋutsu la ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyee.”
7405  1SA 9:12  Woɖo eŋu be,Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.
7442  1SA 10:22  Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be,Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”
7467  1SA 12:5  Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyateƒee.”
7554  1SA 14:44  Saul gblɔ be,Ɛ̃, Yonatan, ele be nàku, Mawu neƒom ƒu anyi maku ne womewu wò ɖe nu sia ta o.”
7602  1SA 16:5  Samuel ɖo eŋu be,Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
7815  1SA 23:2  eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be,Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”
7824  1SA 23:11  Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.” Yehowa gblɔ be,Ɛ̃, Saul le vava ge.”
7825  1SA 23:12  David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be,Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.”
7925  1SA 26:17  Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?” David ɖo eŋu be,Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.”
7989  1SA 30:8  David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be,Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”
8053  2SA 2:1  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be,Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
8072  2SA 2:20  Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?” Asahel ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyee!”
8154  2SA 5:19  David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be,Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
8182  2SA 6:22  Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛgã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”
8302  2SA 12:13  David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be,Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o
8308  2SA 12:19  Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?” Woɖo eŋu be,Ɛ̃, eku.”
8376  2SA 14:17  Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.”
8378  2SA 14:19  Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam.
8574  2SA 20:17  Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?” Yoab ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyee.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.” Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”
8661  2SA 23:5  “Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?
8786  1KI 2:13  Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?” Adoniya ɖo eŋu be,Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le.
9018  1KI 8:30  Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake.
9201  1KI 13:14  eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?” Eɖo eŋu be,Ɛ̃, nyee.”
9235  1KI 14:14  Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã.
9352  1KI 18:8  Eliya ɖo eŋu be,Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.”
9444  1KI 20:33  Ameawo ɖo eŋu kaba be,Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me!
9495  1KI 22:12  Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be,Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
9558  2KI 2:3  Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be,Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.”
9560  2KI 2:5  Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be,Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!”
9673  2KI 5:22  Gehazi ɖo eŋu nɛ be,Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ”
9737  2KI 8:6  Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be,Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu.
9812  2KI 10:15  Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be,Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me.
10789  1CH 14:10  David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be,Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
10854  1CH 16:29  Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me.
12795  EST 5:12  Eyi edzi be,Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã!
14451  PSA 35:21  Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be,Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”
14455  PSA 35:25  Mègana woabu be,Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.
15029  PSA 70:4  Na be ame siwo le gbɔgblɔm be,Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.
16469  PSA 150:5  Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
17401  ECC 1:16  Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”
17503  ECC 7:4  Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.
17564  ECC 10:1  Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.
17599  ECC 12:6  Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,
17972  ISA 12:2  Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname
18208  ISA 26:8  Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
18342  ISA 32:13  eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le
18588  ISA 43:13  Yehowae gblɔe. “Mianyae be nyee nye Mawu. Ɛ̃, nye koe tso blema ke. Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o. Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
18610  ISA 44:7  Ekema ame kae sɔ kplim? Neɖe gbeƒãe. Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me, nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi kple nu si gbɔna eme va ge. Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ.
18691  ISA 48:7  Fifia ko wowɔ wo. Wo wɔɣi medidi o. Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o, eya ta miate ŋu agblɔ be,Ɛ̃ mienya wo’ o.
18699  ISA 48:15  Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe. Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me.
18731  ISA 49:25  Ke ale Yehowa gblɔ nye esi,Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si, eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me. Mawɔ avu kple ame siwo awɔ avu kpli wò, eye maɖe viwòwo.
18772  ISA 52:6  eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ, eye le ŋkeke ma dzi la, woanya be nyee gblɔe da ɖi. Ɛ̃, be nyee.”
18943  ISA 63:7  Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,
19093  JER 3:22  “Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo, mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.”Ɛ̃, míava gbɔwò, elabena wòe nye Yehowa, míaƒe Mawu.
19425  JER 16:20  Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa? Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”
19483  JER 19:7  “ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo.
19686  JER 27:21  Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi:
19712  JER 29:8  Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o.