Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   ɛ    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

2  GEN 1:2  Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
11  GEN 1:11  Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.
12  GEN 1:12  Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo.
49  GEN 2:18  Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”
50  GEN 2:19  Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ.
51  GEN 2:20  Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o.
54  GEN 2:23  Tete ame la do dzidzɔɣli be,Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
71  GEN 3:15  Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”
84  GEN 4:4  eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa,
90  GEN 4:10  Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.
95  GEN 4:15  Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o.
97  GEN 4:17  Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk.
111  GEN 5:5  Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku.
114  GEN 5:8  Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku.
115  GEN 5:9  Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan,
116  GEN 5:10  eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ.
117  GEN 5:11  Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku.
120  GEN 5:14  Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910).
123  GEN 5:17  eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895).
126  GEN 5:20  Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962).
133  GEN 5:27  Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969).
135  GEN 5:29  Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”
136  GEN 5:30  Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.
144  GEN 6:6  evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ.
152  GEN 6:14  Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi.
160  GEN 6:22  Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene.
191  GEN 8:7  eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu.
192  GEN 8:8  Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã.
193  GEN 8:9  Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me.
194  GEN 8:10  Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu.
195  GEN 8:11  Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ.
196  GEN 8:12  Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o.
197  GEN 8:13  Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ.
205  GEN 8:21  Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.
235  GEN 9:29  Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku.
244  GEN 10:9  Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”
286  GEN 11:19  Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ (209), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
291  GEN 11:24  Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera.
292  GEN 11:25  Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ (119), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
301  GEN 12:2  Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.
303  GEN 12:4  Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran.
317  GEN 12:18  Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo?
347  GEN 14:10  Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi.
355  GEN 14:18  eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,
357  GEN 14:20  eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ.
359  GEN 14:22  Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la
362  GEN 15:1  Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”
365  GEN 15:4  Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”
366  GEN 15:5  Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”
367  GEN 15:6  Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ.
368  GEN 15:7  Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.”
370  GEN 15:9  Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.”
371  GEN 15:10  Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o.
374  GEN 15:13  Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.
391  GEN 16:9  Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ,
398  GEN 16:16  Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ.
399  GEN 17:1  Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene.
401  GEN 17:3  Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be,
415  GEN 17:17  Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”
421  GEN 17:23  Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
422  GEN 17:24  Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ,
423  GEN 17:25  eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ.
429  GEN 18:4  Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te,
440  GEN 18:15  Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
443  GEN 18:18  Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi.
444  GEN 18:19  Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”
455  GEN 18:30  Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.”
457  GEN 18:32  Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”
463  GEN 19:5  eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.”
477  GEN 19:19  Esi mieve nunye alea, eye mieɖe nye agbe ta la, mina masi ayi du sue kemɛ ɖa me boŋ, elabena mele vɔvɔ̃m be dzɔgbevɔ̃e aɖe ava ɖi kpem le toawo dzi.
498  GEN 20:2  egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me.
499  GEN 20:3  Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.”
510  GEN 20:14  Fia Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo kple dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na Abraham, eye wògbugbɔ srɔ̃a, Sara, nɛ.
512  GEN 20:16  Emegbe la, etrɔ ɖe Sara ŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na ‘nɔviwò ŋutsua’ be makpatae, eye maɖe ŋukpe ɖa le mo na wò le gbɔwòviwo katã ŋkume. Fifia dzɔdzɔenyenye va aƒe.”
516  GEN 21:2  Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.
517  GEN 21:3  Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”
518  GEN 21:4  Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
519  GEN 21:5  Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ.
522  GEN 21:8  Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi.
531  GEN 21:17  Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.
532  GEN 21:18  Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.”
535  GEN 21:21  Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte.
536  GEN 21:22  Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me.
549  GEN 22:1  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.”
550  GEN 22:2  Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.”
551  GEN 22:3  Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la.
554  GEN 22:6  Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ.
555  GEN 22:7  Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?”