Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Word!    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

60  GEN 3:4  Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o!
70  GEN 3:14  Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.
87  GEN 4:7  Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!”
92  GEN 4:12  Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.”
273  GEN 11:6  egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o.
310  GEN 12:11  Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ.
335  GEN 13:16  Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!
394  GEN 16:12  Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.”
404  GEN 17:6  Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!
414  GEN 17:16  Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”
431  GEN 18:6  Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
450  GEN 18:25  Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”
467  GEN 19:9  Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me.
480  GEN 19:22  Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.)
498  GEN 20:2  egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me.
503  GEN 20:7  Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.”
531  GEN 21:17  Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.
681  GEN 25:22  Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene! Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu.
684  GEN 25:25  Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.”
697  GEN 26:4  Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me.
702  GEN 26:9  Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.”
762  GEN 27:34  Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!”
777  GEN 28:3  Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!
788  GEN 28:14  elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.
791  GEN 28:17  Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.”
795  GEN 28:21  eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene!
821  GEN 29:25  Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?”
844  GEN 30:13  elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!”
846  GEN 30:15  Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.”
861  GEN 30:30  elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?”
873  GEN 30:42  Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ!
881  GEN 31:7  ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o!
888  GEN 31:14  Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o!
906  GEN 31:32  Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o.
913  GEN 31:39  Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o!
915  GEN 31:41  Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo.
916  GEN 31:42  Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”
935  GEN 32:7  Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene!
939  GEN 32:11  nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!
947  GEN 32:19  woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!”
949  GEN 32:21  Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.”
957  GEN 32:29  Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”
965  GEN 33:4  Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe!
971  GEN 33:10  Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene.
1089  GEN 37:5  Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!
1102  GEN 37:18  Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui!
1103  GEN 37:19  Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa!
1119  GEN 37:35  Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe!
1143  GEN 38:23  Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.”
1156  GEN 39:6  eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe.
1159  GEN 39:9  Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.”
1164  GEN 39:14  eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli.
1185  GEN 40:12  Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃!
1200  GEN 41:4  Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ!
1203  GEN 41:7  Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye.
1217  GEN 41:21  eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ!
1262  GEN 42:9  Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.”
1269  GEN 42:16  Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”
1278  GEN 42:25  Emegbe la, Yosef ɖe gbe na eƒe subɔlawo be woade bli ameawo ƒe kotokuwo me, ke egagblɔ na wo le adzame be woatsɔ fe si wo dometɔ ɖe sia ɖe xe la ade eƒe nuɖuɖu dzi le kotokua me! Etsɔ nu si woaɖu le mɔa dzi la hã na wo.
1280  GEN 42:27  Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me!
1281  GEN 42:28  Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?”
1288  GEN 42:35  Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa.
1289  GEN 42:36  Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!”
1294  GEN 43:3  Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi!
1304  GEN 43:13  eye miakplɔ mia nɔvia ayii!
1324  GEN 43:33  Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ!
1326  GEN 44:1  Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me!
1337  GEN 44:12  Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me!
1362  GEN 45:3  Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.
1363  GEN 45:4  Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte!
1364  GEN 45:5  Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe.
1368  GEN 45:9  “Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa!
1446  GEN 47:25  Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”
1470  GEN 48:18  Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”
1545  EXO 1:12  Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu
1561  EXO 2:6  Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.”
1563  EXO 2:8  Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!
1601  EXO 3:21  “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o!
1602  EXO 3:22  Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”
1603  EXO 4:1  Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ”
1606  EXO 4:4  Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi!
1609  EXO 4:7  Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene!
1622  EXO 4:20  Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!
1697  EXO 7:11  Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ!
1703  EXO 7:17  Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu!
1705  EXO 7:19  Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”
1737  EXO 8:22  Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí.
1750  EXO 9:7  Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!
1780  EXO 10:2  Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”
1797  EXO 10:19  eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!
1806  EXO 10:28  Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.”
1814  EXO 11:7  “ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome!
1848  EXO 12:31  Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene.
1853  EXO 12:36  Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ!
1951  EXO 16:3  Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.”
1966  EXO 16:18  Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu.
1985  EXO 17:1  Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!
1986  EXO 17:2  Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?”
2075  EXO 20:23  Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o!
2915  LEV 7:35  Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo,