Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   “Word!    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

54  GEN 2:23  Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
431  GEN 18:6  Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
440  GEN 18:15  Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
598  GEN 24:6  Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o,
760  GEN 27:32  Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!”
1263  GEN 42:10  Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva;
1389  GEN 46:2  Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”
4024  NUM 10:35  Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.”
4217  NUM 16:22  Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”
4241  NUM 17:11  Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.”
4257  NUM 17:27  Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu!
4428  NUM 23:11  Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”
4452  NUM 24:5  “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo!
4470  NUM 24:23  Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be, “Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe ne Mawu wɔ nu sia?
4572  NUM 27:16  “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo,
5007  DEU 4:1  “O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.
5160  DEU 9:1  “O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo.
5596  DEU 27:9  Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ,
5819  DEU 33:7  Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”
5830  DEU 33:18  Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.
5835  DEU 33:23  Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.”
6615  JDG 4:14  Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome.
6792  JDG 9:36  Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”
6810  JDG 9:54  Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku.
7282  1SA 3:4  Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!” Samuel tɔ be, “Papaa!”
7284  1SA 3:6  Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”
7288  1SA 3:10  Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.”
7390  1SA 8:19  Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi.
7529  1SA 14:19  Ke esi Saul nɔ nu ƒom na nunɔlaa la, Filistitɔwo ƒe ɣlidodo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le woƒe asaɖa me nɔ dzi dem ɖe edzi. Saul gblɔ be, “Netsɔ! Nya kae Yehowa gblɔ?”
7820  1SA 23:7  Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!”
8763  1KI 1:43  Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae.
8845  1KI 3:26  Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!” Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!”
9200  1KI 13:13  Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la,
9567  2KI 2:12  Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee.
9680  2KI 6:2  Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.”
9693  2KI 6:15  Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?”
9736  2KI 8:5  Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!”
9847  2KI 11:14  Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
9889  2KI 13:14  Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”
10962  1CH 21:23  Arauna gblɔ na David be, “Xɔe! Nye aƒetɔ, fia la newɔ nu sia nu si dze eŋu. Kpɔ ɖa, mana nyitsu hena numevɔsa la, luƒotiwo hena nake eye lu hena nuɖuvɔsa la. Matsɔ esiawo katã na wò.”
11561  2CH 18:14  Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”
11674  2CH 23:13  Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
12306  NEH 1:5  “O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa.
12330  NEH 2:18  Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.
12420  NEH 6:14  Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”
12503  NEH 8:6  Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa.
12521  NEH 9:6  Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.
12819  EST 7:8  Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi. Fia la blu be, “Aa! Ɖe wòle asi de ge fiasrɔ̃ la ŋu esi wòli kplim le nye aƒe mea?” Fia la mekpɔ wu nuƒo la nu hafi wova tsɔ nu tsyɔ mo na Haman o.
14440  PSA 35:10  Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.”
14451  PSA 35:21  Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”
14539  PSA 39:5  “O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii.
14547  PSA 39:13  “O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.
14564  PSA 40:16  Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.
14571  PSA 41:5  Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”
14778  PSA 55:7  Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.
15029  PSA 70:4  Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.
15446  PSA 90:3  Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”
15612  PSA 102:25  eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu, mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o, wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.
15920  PSA 116:4  Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be, “O! Yehowa, ɖem!”
17748  ISA 1:24  Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
17844  ISA 6:5  Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”
17944  ISA 10:24  Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
18159  ISA 23:12  Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”
18438  ISA 37:16  “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
18440  ISA 37:18  “O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe.
18452  ISA 37:30  “O! Hezekia, esia anye dzesi na wò: “Ƒe sia me la, àɖu nuku si mie le eya ŋutɔ ɖokui si, eye le ƒe evelia me la, àɖu nu si mie tso gbãtɔ me. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu. Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea
18463  ISA 38:3  “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.
18619  ISA 44:16  Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi. Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo. Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be: “Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”
18659  ISA 46:3  “O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi
18685  ISA 48:1  “O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.
18696  ISA 48:12  “O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ. Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.
18804  ISA 54:11  “O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.
19693  JER 28:6  Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ.
20699  EZK 9:8  Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”
20737  EZK 11:13  Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?”
20854  EZK 16:23  “Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la,
20948  EZK 18:30  Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o.
21430  EZK 36:2  Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’
21450  EZK 36:22  Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.
21469  EZK 37:3  Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”
22493  AMO 5:1  “O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:
23749  MAT 16:8  Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo?
23786  MAT 17:17  Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.”
24024  MAT 23:37  “O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.
24626  MRK 9:19  Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”
24924  MRK 15:29  Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,
25411  LUK 9:41  Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”
25902  LUK 21:7  Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?”
26287  JHN 5:8  Yesu gblɔ nɛ be, “Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!”
26489  JHN 8:39  Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ be, “Gbeɖe! Ɖe mienye Abraham ƒe viwo la, ne miawɔ nu si Abraham wɔ.
27768  ACT 21:36  Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”
30890  REV 7:12  le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!”
30908  REV 8:13  Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”
31003  REV 14:8  Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”
31087  REV 19:1  Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be, “Haleluya! Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ,
31089  REV 19:3  Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”
31092  REV 19:6  Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.