Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   “Word,    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

68  GEN 3:12  Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”
103  GEN 4:23  Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim.
270  GEN 11:3  Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe.
271  GEN 11:4  Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”
363  GEN 15:2  Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?”
365  GEN 15:4  Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”
369  GEN 15:8  Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?”
390  GEN 16:8  Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”
417  GEN 17:19  Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.
457  GEN 18:32  Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”
460  GEN 19:2  Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.”
465  GEN 19:7  ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o.
476  GEN 19:18  Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi.
479  GEN 19:21  Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Enyo, mexɔ wò nya la, eye nyematsrɔ̃ du sue ma o.
500  GEN 20:4  Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea?
502  GEN 20:6  Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.
531  GEN 21:17  Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.
538  GEN 21:24  Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!”
556  GEN 22:8  Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi.
559  GEN 22:11  Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.”
564  GEN 22:16  eye wògblɔ nɛ be, “Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la,
578  GEN 23:6  “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”
583  GEN 23:11  “Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”
585  GEN 23:13  eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.”
604  GEN 24:12  Aƒedzikpɔla la do gbe ɖa be, “O, Yehowa, nye aƒetɔ ƒe Mawu, kpɔ nublanui na nye aƒetɔ Abraham, eye nàna be nye asi nasu nu si ta meva afi sia ɖo la dzi.
615  GEN 24:23  Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?”
623  GEN 24:31  Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.”
625  GEN 24:33  Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.”
649  GEN 24:57  Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.”
650  GEN 24:58  Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.”
689  GEN 25:30  Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.”
690  GEN 25:31  Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.”
692  GEN 25:33  Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.” Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ,
736  GEN 27:8  Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu.
748  GEN 27:20  Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.”
753  GEN 27:25  Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la.
754  GEN 27:26  Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!”
755  GEN 27:27  Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene.
759  GEN 27:31  Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!”
790  GEN 28:16  Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.”
800  GEN 29:4  Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.”
801  GEN 29:5  Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.”
802  GEN 29:6  Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.”
909  GEN 31:35  Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.”
938  GEN 32:10  Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la,
966  GEN 33:5  Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”
970  GEN 33:9  Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!”
971  GEN 33:10  Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene.
973  GEN 33:12  Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.”
976  GEN 33:15  Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”
1101  GEN 37:17  Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma.
1117  GEN 37:33  Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.”
1138  GEN 38:18  Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu.
1240  GEN 41:44  Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.”
1265  GEN 42:12  Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.”
1266  GEN 42:13  Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.”
1311  GEN 43:20  eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ,
1319  GEN 43:28  Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene.
1320  GEN 43:29  Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”
1332  GEN 44:7  Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ.
1341  GEN 44:16  Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.”
1342  GEN 44:17  Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.”
1343  GEN 44:18  Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene.
1344  GEN 44:19  “Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã,
1367  GEN 45:8  “Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula.
1387  GEN 45:28  Israel gblɔ be, “Nyateƒee, vinye Yosef le agbe, mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku.”
1437  GEN 47:16  Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”
1439  GEN 47:18  Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo.
1461  GEN 48:9  Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”
1467  GEN 48:15  Eyra Yosef kple nya siawo be, “Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu, ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe.
1470  GEN 48:18  Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”
1471  GEN 48:19  Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”
1477  GEN 49:3  “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.
1482  GEN 49:8  “Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò.
1552  EXO 1:19  Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!”
1563  EXO 2:8  Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!
1584  EXO 3:4  Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”
1612  EXO 4:10  Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”
1615  EXO 4:13  Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.”
1616  EXO 4:14  Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò,
1627  EXO 4:25  Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.”
1655  EXO 5:22  Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa?
1721  EXO 8:6  Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.
1739  EXO 8:24  Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”
1772  EXO 9:29  Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum.
1781  EXO 10:3  Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.
1786  EXO 10:8  Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?”
1803  EXO 10:25  Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la.
1848  EXO 12:31  Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene.
1932  EXO 15:11  “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?
2199  EXO 25:3  “Sika, klosalo, akɔbli,
2443  EXO 32:4  Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”
2450  EXO 32:11  Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu?
2457  EXO 32:18  Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.”
2466  EXO 32:27  Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ”
2470  EXO 32:31  Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo.
2491  EXO 33:17  Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.”
2503  EXO 34:6  Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o;
2516  EXO 34:19  “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye.
2537  EXO 35:5  Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli,