2661 | EXO 38:27 | Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka. |
4244 | NUM 17:14 | ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. |
4481 | NUM 25:9 | esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo. |
4671 | NUM 31:5 | Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me. |
4700 | NUM 31:34 | tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple |
4711 | NUM 31:45 | tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ (30,500) kple |
6029 | JOS 8:25 | Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. |
6607 | JDG 4:6 | Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. |
6611 | JDG 4:10 | afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii. |
6699 | JDG 7:3 | Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ. |
6731 | JDG 8:10 | Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo. |
6942 | JDG 15:11 | Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ (3,000) yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.” |
6978 | JDG 16:27 | Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ (3,000) nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm. |
7071 | JDG 20:15 | Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade (26,000) tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre (700) siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu. |
7077 | JDG 20:21 | Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe. |
7100 | JDG 20:44 | Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. |
7114 | JDG 21:10 | Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve (12,000) be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead. |
7489 | 1SA 13:2 | etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me. |
7492 | 1SA 13:5 | Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome. |
7566 | 1SA 15:4 | Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, |
7866 | 1SA 25:2 | Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo. |
7910 | 1SA 26:2 | Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David. |
8216 | 2SA 8:4 | David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko. |
8225 | 2SA 8:13 | Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime |
8249 | 2SA 10:6 | Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi. |
8488 | 2SA 18:7 | David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe. |
8704 | 2SA 24:9 | Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda. |
8710 | 2SA 24:15 | Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba. |
8873 | 1KI 5:6 | Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si. |
8894 | 1KI 5:27 | Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ (30,000) nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi. |
8895 | 1KI 5:28 | Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram. |
8896 | 1KI 5:29 | Dɔwɔla bubu akpe blaadre (70,000) kple kpekpala akpe blaenyi (80,000) hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi, |
8897 | 1KI 5:30 | hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ (3,300) ŋu. |
9051 | 1KI 8:63 | Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale Fia la kple Israelviwo katã kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. |
9108 | 1KI 10:26 | Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem. |
9440 | 1KI 20:29 | Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka (100,000) le ŋkeke gbãtɔ dzi. |
9882 | 2KI 13:7 | Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene. |
10220 | 2KI 24:14 | Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. |
10222 | 2KI 24:16 | Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa. |
10453 | 1CH 5:21 | Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000). |
10548 | 1CH 7:9 | Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve (20,200) nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo. |
10550 | 1CH 7:11 | Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli. |
10749 | 1CH 12:25 | Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo; |
10750 | 1CH 12:26 | aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome; |
10751 | 1CH 12:27 | ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome. |
10752 | 1CH 12:28 | Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700) |
10754 | 1CH 12:30 | Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi. |
10755 | 1CH 12:31 | Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi (20,800) tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me. |
10756 | 1CH 12:32 | Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia. |
10758 | 1CH 12:34 | Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo. |
10759 | 1CH 12:35 | Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome. |
10760 | 1CH 12:36 | Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ. |
10761 | 1CH 12:37 | Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ. |
10762 | 1CH 12:38 | Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi. |
10899 | 1CH 18:4 | David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko. |
10900 | 1CH 18:5 | Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) |
10907 | 1CH 18:12 | Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime. |
10919 | 1CH 19:7 | Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe. |
10930 | 1CH 19:18 | Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe (7,000) adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ewu woƒe aʋafia Sofak hã. |
10944 | 1CH 21:5 | Yoab gblɔ na David be, ame siwo ate ŋu awɔ aʋa la nye ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka (1,100,000) le Israel kple ame akpe alafa ene blaadre (470,000) le Yuda. |
10983 | 1CH 22:14 | “Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450), klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ (34,500) kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa. |
10992 | 1CH 23:4 | David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade (6,000) nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo. |
10993 | 1CH 23:5 | Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.” |
11112 | 1CH 26:30 | Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi. |
11114 | 1CH 26:32 | Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ. |
11115 | 1CH 27:1 | Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me. |
11116 | 1CH 27:2 | Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me. |
11118 | 1CH 27:4 | Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt. |
11119 | 1CH 27:5 | Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete. |
11121 | 1CH 27:7 | Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me. |
11122 | 1CH 27:8 | Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me. |
11123 | 1CH 27:9 | Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me. |
11124 | 1CH 27:10 | Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me. |
11125 | 1CH 27:11 | Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me. |
11126 | 1CH 27:12 | Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me. |
11127 | 1CH 27:13 | Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me. |
11128 | 1CH 27:14 | Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me. |
11129 | 1CH 27:15 | Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me. |
11213 | 2CH 1:14 | Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã. |
11218 | 2CH 2:1 | Ehiã agbatsɔla akpe blaadre (70,000), kpekpala akpe blaenyi (80,000) le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) na dɔ sia wɔwɔ. |
11226 | 2CH 2:9 | Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene (4,400) kple lu tɔn akpe ene alafa ene (4,400) hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene (440) kple amitimi tɔn alafa ene blaene (440) ŋuti.” |
11233 | 2CH 2:16 | Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade. |
11234 | 2CH 2:17 | Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre (70,000) wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi (80,000) wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) wɔ dɔdzikpɔlawoe. |
11334 | 2CH 7:5 | eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu. |
11394 | 2CH 9:25 | Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ. |
11420 | 2CH 11:1 | Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. |
11445 | 2CH 12:3 | kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. |
11461 | 2CH 13:3 | Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). |
11475 | 2CH 13:17 | eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe. |
11488 | 2CH 14:7 | Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi (280,000) tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo. |
11506 | 2CH 15:11 | Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. |
11539 | 2CH 17:11 | Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700). |
11542 | 2CH 17:14 | Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te. |
11543 | 2CH 17:15 | Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu. |
11544 | 2CH 17:16 | Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi. |
11545 | 2CH 17:17 | Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome; wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te. |
11715 | 2CH 25:6 | Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃. |
11722 | 2CH 25:13 | Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo. |
11749 | 2CH 26:12 | Hlɔ̃wo ƒe tatɔwo akpe eve alafa ade (2,600) nɔ aʋalɔglo siawo nu. |
11750 | 2CH 26:13 | Aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃ (307,500) nɔ aʋakɔ la me. |