Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Word,”    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

440  GEN 18:15  Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
530  GEN 21:16  eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.
562  GEN 22:14  Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.
635  GEN 24:43  Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,”
828  GEN 29:32  Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”
829  GEN 29:33  Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”
830  GEN 29:34  Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.”
959  GEN 32:31  Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”
1019  GEN 35:7  Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu.
1027  GEN 35:15  Yakob na ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye, “Mawu ƒe Aƒe,” elabena afi ma Mawu ƒo nu kplii le.
1030  GEN 35:18  Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”
1119  GEN 37:35  Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe!
1518  GEN 50:11  Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.”
1565  EXO 2:10  Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe.
2004  EXO 18:4  Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.”
3813  NUM 5:20  Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,”
4065  NUM 12:5  Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ.
5945  JOS 5:9  Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”
6281  JOS 17:4  Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene.
6462  JOS 22:34  Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”
6527  JDG 1:16  Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi.
6606  JDG 4:5  Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.
6948  JDG 15:17  Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.”
7054  JDG 19:28  Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ.
7402  1SA 9:9  Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla.
8274  2SA 11:12  David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem.
8394  2SA 15:2  Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”
12408  NEH 6:2  Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim,
12506  NEH 8:9  Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem.
14091  PSA 13:5  Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.
17038  PRO 20:14  Nuƒlela gblɔna be, “Menyo o, menyo o,” emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi.
17742  ISA 1:18  “Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.
18246  ISA 28:12  ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o.
18274  ISA 29:11  Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.”
18407  ISA 36:7  Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?”
18490  ISA 39:8  Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”
18631  ISA 44:28  Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’
18810  ISA 54:17  lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe.
18818  ISA 55:8  “Elabena nye susuwo menye miaƒe susuwo o eye miaƒe mɔwo hã menye nye mɔwo o,” Yehowae gblɔe.
18891  ISA 59:21  Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.
18936  ISA 62:12  Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”
19198  JER 7:10  emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?
19230  JER 8:8  “ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o?
19268  JER 9:23  ke boŋ ame si aƒo adegbe la, neƒo adegbe tso nu sia ŋu be, yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa, ame si nye dɔmenyotɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi eye esiawo mee medzɔa dzi le,” Yehowae gblɔe.
19393  JER 15:9  Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu. Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ. Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe. Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le woƒe futɔwo ƒe ŋkume,” Yehowae gblɔe.
19585  JER 23:32  Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.
19723  JER 29:19  Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.
19735  JER 29:31  “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,”
19780  JER 31:20  Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe.
19792  JER 31:32  Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.
19793  JER 31:33  “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.
19794  JER 31:34  Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
19836  JER 32:36  Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
20198  JER 49:2  Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe.
20212  JER 49:16  Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe.
20233  JER 49:37  Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã.
20783  EZK 13:6  Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme.
21708  EZK 45:9  “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
22302  HOS 10:8  Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”
22479  AMO 3:15  Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe.
22572  AMO 9:8  “Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti. Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi, negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,” Yehowae gblɔe.
22577  AMO 9:13  Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame.
22776  NAM 2:9  Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.
22859  ZEP 1:3  “Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe.
22897  ZEP 3:8  eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.
22922  HAG 1:13  Le esia megbe la, Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ, tsɔ Yehowa ƒe gbedeasi sia na ameawo, “Meli kpli mi,” Yehowae gblɔe.
23013  ZEC 5:8  Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu.
23059  ZEC 8:14  Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Abe ale si meɖoe kplikpaa be mahe tsɔtsrɔ̃ va mia dzii, eye nyemakpɔ nublanui o, esi mia fofowo do dɔmedzoe nam ene la,” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe,
23157  ZEC 14:20  Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene.
23571  MAT 12:13  Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, “Dzɔ wò asi,” eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.
24172  MAT 26:49  Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.
24273  MAT 28:9  Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi,” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi, eye wosubɔe.
24368  MRK 3:11  Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,”
25344  LUK 8:30  Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme.
26547  JHN 9:38  Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe.
26860  JHN 18:6  Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi.
26924  JHN 19:30  Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, “Ewu enu azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.
26954  JHN 20:18  Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.
28343  ROM 13:9  Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”
28471  1CO 2:9  Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.
28482  1CO 3:4  Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?
28933  2CO 4:6  Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
29406  EPH 6:2  “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,
29913  2TI 2:19  Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
30230  HEB 10:30  Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”
30346  JAS 1:13  Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o.
30363  JAS 2:3  Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la,
30376  JAS 2:16  Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye?
30473  1PE 2:7  Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la, “Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe,”
30474  1PE 2:8  kpe, “Si nana amewo klia nu, eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,” Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.
30589  2PE 2:22  Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”
30690  1JN 4:20  Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o.
30772  REV 1:7  “Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,” eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.” Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.” Ɛ̃, Amen. Neva eme nenema!