Wildebeest analysis examples for:   ewe-ewe   Word,’    February 11, 2023 at 18:34    Script wb_pprint_html.py   by Ulf Hermjakob

393  GEN 16:11  Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa.
501  GEN 20:5  Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be, ‘Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.”
1695  EXO 7:9  “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”
4953  DEU 2:13  “Yehowa gblɔ be, ‘Mitso Zered tɔʋu la azɔ,’ eye míetsoe.
5323  DEU 15:2  Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame.
5590  DEU 27:3  eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.
5750  DEU 31:20  Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me,
8575  2SA 20:18  Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi.
8842  1KI 3:23  Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ ”
10075  2KI 19:10  “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’
11303  2CH 6:16  “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi.
13082  JOB 9:27  Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’
13278  JOB 17:14  ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’ eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’ alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,
13455  JOB 24:15  Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo.
13522  JOB 28:14  Gogloƒe gblɔ be, ‘Menye tɔnyee o,’ Atsiaƒu gblɔ be, ‘Mele gbɔnye o,’
13616  JOB 31:24  “Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu alo megblɔ na sika nyuitɔ be, ‘Wòe nye nye sitsoƒe,’
15131  PSA 75:5  Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.
18432  ISA 37:10  “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’
18608  ISA 44:5  Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
18629  ISA 44:26  Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’
18666  ISA 46:10  Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’
18689  ISA 48:5  eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.
19586  JER 23:33  “Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe.
19591  JER 23:38  Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o.
20057  JER 42:13  “Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la
20058  JER 42:14  eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’
20582  EZK 3:11  Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.”
20589  EZK 3:18  Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me.
20817  EZK 14:17  “Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la,
21357  EZK 33:8  Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu.
21366  EZK 33:17  “Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o.
21432  EZK 36:4  eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’
22169  HOS 1:6  Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o,
22172  HOS 1:9  Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o.
22175  HOS 2:3  “Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’
22574  AMO 9:10  Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”
22974  ZEC 2:10  “ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.
22990  ZEC 3:9  Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
23044  ZEC 7:13  “ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
23170  MAL 1:12  “Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’
23171  MAL 1:13  Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?
23330  MAT 5:27  “Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’
23336  MAT 5:33  “Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘Mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi,’
23389  MAT 7:4  Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?
23423  MAT 8:9  Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.”
23743  MAT 16:2  Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’
23954  MAT 22:13  “Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’
24031  MAT 24:5  elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.
24049  MAT 24:23  Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o,
24052  MAT 24:26  “Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o!
24074  MAT 24:48  “Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’
24261  MAT 27:63  eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’
24542  MRK 7:10  “Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’
24807  MRK 13:21  “Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o
25257  LUK 6:42  Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ.
25724  LUK 17:4  Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.”
25726  LUK 17:6  Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.
25741  LUK 17:21  alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”
25854  LUK 20:6  Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
26433  JHN 7:36  Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’ ”
27012  ACT 1:20  Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be, “ ‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo, mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’ eye, “ ‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’ ”
30844  REV 4:8  Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”
30895  REV 7:17  elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la anye woƒe kplɔla. ‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’ ‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’ ”
31066  REV 18:4  Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,