43 | GEN 2:12 | (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) |
224 | GEN 9:18 | Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.) |
240 | GEN 10:5 | (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.) |
254 | GEN 10:19 | tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.) |
265 | GEN 10:30 | (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.) |
340 | GEN 14:3 | Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.) |
480 | GEN 19:22 | Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.) |
1065 | GEN 36:24 | Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.) |
1399 | GEN 46:12 | Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul. |
1628 | EXO 4:26 | Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) |
1775 | EXO 9:32 | ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.) |
1944 | EXO 15:23 | Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) |
1984 | EXO 16:36 | (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.) |
2359 | EXO 29:22 | “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.) |
3441 | LEV 23:38 | Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) |
3458 | LEV 24:11 | Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.) |
4063 | NUM 12:3 | (Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.) |
4096 | NUM 13:20 | ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.) |
4098 | NUM 13:22 | Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.) |
4524 | NUM 26:33 | (Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) |
4552 | NUM 26:61 | Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.) |
4570 | NUM 27:14 | elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.) |
4986 | DEU 3:9 | (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) |
4988 | DEU 3:11 | (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) |
7084 | JDG 20:28 | eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.” |
9775 | 2KI 9:15 | Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.” |
10333 | 1CH 2:23 | (Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo. |
10514 | 1CH 6:41 | (Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.) |
10999 | 1CH 23:11 | (Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.) |
11005 | 1CH 23:17 | Eliezer ƒe vi: Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ. (Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.) |
11056 | 1CH 25:5 | (Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.) |
19664 | JER 26:23 | Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.) |
20993 | EZK 20:29 | Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’ ” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.) |
24536 | MRK 7:4 | Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.) |
24551 | MRK 7:19 | Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.) |
24613 | MRK 9:6 | (Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.) |
24741 | MRK 11:32 | Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.) |
25044 | LUK 2:2 | (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) |
25294 | LUK 7:30 | Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.) |
25384 | LUK 9:14 | (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” |
25403 | LUK 9:33 | Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.) |
26023 | LUK 23:19 | (Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.) |
26213 | JHN 3:24 | (Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.) |
26233 | JHN 4:8 | (Eƒe nusrɔ̃lawo yi kɔƒea me yi nuɖuɖu ƒle ge.) |
26234 | JHN 4:9 | Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Yudatɔ nènye, eye menye Samariatɔ. Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.) |
26269 | JHN 4:44 | (Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.) |
26397 | JHN 6:71 | (Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.) |
26419 | JHN 7:22 | Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.) |
26594 | JHN 11:2 | (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) |
26859 | JHN 18:5 | Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.) |
26945 | JHN 20:9 | (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.) |
27011 | ACT 1:19 | Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.) |
27404 | ACT 11:28 | Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.) |
27613 | ACT 17:21 | (Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.) |
27761 | ACT 21:29 | (Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.) |
27810 | ACT 23:8 | (Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.) |
28045 | ROM 2:15 | togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.) |
28064 | ROM 3:5 | Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.) |
28447 | 1CO 1:16 | (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) |
29080 | 2CO 11:23 | (Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. |
29349 | EPH 4:10 | Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.) |
29619 | COL 4:10 | Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.) |
31094 | REV 19:8 | Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam, eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” (Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.) |