573 | GEN 23:1 | Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka blaeve-vɔ-adre. |
666 | GEN 25:7 | Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃. |
1402 | GEN 46:15 | Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. |
1413 | GEN 46:26 | Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade. |
2206 | EXO 25:10 | “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. |
2213 | EXO 25:17 | Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. |
2219 | EXO 25:23 | “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. |
2252 | EXO 26:16 | Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. |
2282 | EXO 27:9 | “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, |
2285 | EXO 27:12 | Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. |
2286 | EXO 27:13 | Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. |
2291 | EXO 27:18 | Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo. |
2588 | EXO 36:21 | Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. |
2606 | EXO 37:1 | Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. |
2611 | EXO 37:6 | Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. |
2615 | EXO 37:10 | Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. |
2630 | EXO 37:25 | Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. |
2643 | EXO 38:9 | Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi, |
2647 | EXO 38:13 | Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve. |
3478 | LEV 25:8 | “ ‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ-asiekɛ. |
6816 | JDG 10:3 | Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. |
7168 | RUT 2:17 | Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve. |
7625 | 1SA 17:5 | Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre. |
8140 | 2SA 5:5 | Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. |
8695 | 2SA 23:39 | kple Uria, Hititɔ la. Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre. |
8963 | 1KI 7:26 | Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene. |
8969 | 1KI 7:32 | Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae. |
9262 | 1KI 15:10 | Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu. |
9285 | 1KI 15:33 | Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene. |
9315 | 1KI 16:29 | Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve. |
9579 | 2KI 2:24 | Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. |
9674 | 2KI 5:23 | Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe. |
9833 | 2KI 10:36 | Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi. |
9902 | 2KI 14:2 | Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem. |
9923 | 2KI 14:23 | Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. |
10100 | 2KI 19:35 | Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ. |
10369 | 1CH 3:4 | Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. |
10937 | 1CH 20:6 | Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi. |
11058 | 1CH 25:7 | Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi. |
11238 | 2CH 3:4 | Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã. |
11256 | 2CH 4:5 | Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade. |
11455 | 2CH 12:13 | Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe. |
12001 | 2CH 36:3 | Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene (3,400) kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene. |
12159 | EZR 6:3 | Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be: Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre. |
12496 | NEH 7:71 | Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre. |
12797 | EST 5:14 | Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la. |
18458 | ISA 37:36 | Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. |
21607 | EZK 41:12 | Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃. |
21974 | DAN 6:1 | eye Darius, Mediatɔ la xɔ fiaɖuƒe la esime wòxɔ ƒe blaade-vɔ-eve. |
29081 | 2CO 11:24 | Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ. |
30982 | REV 13:5 | Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve. |
30995 | REV 13:18 | Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade. |
31044 | REV 16:21 | Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ. |
31139 | REV 21:17 | Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃. |