569 | GEN 22:21 | Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo). |
1459 | GEN 48:7 | Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem). |
4109 | NUM 13:33 | Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.” |
6240 | JOS 15:36 | Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. |
6370 | JOS 19:47 | (Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea). |
9074 | 1KI 9:20 | Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o). |
17767 | ISA 2:12 | Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi). |
24475 | MRK 5:42 | Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. |
24543 | MRK 7:11 | gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). |
26154 | JHN 1:41 | Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo). |
26155 | JHN 1:42 | Enumake wòkplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes ƒe vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” (si gɔmee nye Kpe Gbadza). |
26907 | JHN 19:13 | Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata). |
26911 | JHN 19:17 | Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me). |
27321 | ACT 9:36 | Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. |
28263 | ROM 10:7 | “alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’ ” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). |
28567 | 1CO 7:12 | Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. |
30575 | 2PE 2:8 | (elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ, eye wòse agbe si nɔm ameawo le semaɖemɔnatɔe la). |
30919 | REV 9:11 | Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla). |