438 | GEN 18:13 | Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ |
631 | GEN 24:39 | “Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’ |
639 | GEN 24:47 | “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ. |
1330 | GEN 44:5 | Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ” |
1593 | EXO 3:13 | Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?” |
1843 | EXO 12:26 | eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, |
1882 | EXO 13:14 | “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi. |
5918 | JOS 4:6 | Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la, |
6653 | JDG 5:28 | “Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm tso fesrenuvɔ la megbe edo ɣli be, ‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’ |
6655 | JDG 5:30 | ‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’ |
6669 | JDG 6:13 | Gideon ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ne Yehowa la li kplim la, ekema nu ka ta nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Gawu la, afi ka eƒe nukunu siwo katã ŋu mía fofowo ƒo nu na mí tsoe esi wogblɔ be, ‘Ɖe Yehowa mekplɔ mí do goe tso Egipte oa?’ la le? Ke azɔ la Yehowa gblẽ mí ɖi.” |
6765 | JDG 9:9 | “Gake amiti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ amidzidzi, ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu be mava ɖu fia ɖe atiwo dzia?’ |
6767 | JDG 9:11 | “Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’ |
6794 | JDG 9:38 | Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!” |
7019 | JDG 18:24 | Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’ ” |
8032 | 2SA 1:7 | Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’ |
8033 | 2SA 1:8 | “Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’ |
8283 | 2SA 11:21 | Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ” |
8439 | 2SA 16:10 | Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ” |
8526 | 2SA 19:13 | Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’ |
8733 | 1KI 1:13 | Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’ |
9062 | 1KI 9:8 | Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ |
9503 | 1KI 22:20 | Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa. |
9505 | 1KI 22:22 | “Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’ |
9540 | 2KI 1:3 | Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’ |
9620 | 2KI 4:13 | Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Aƒe le asinye le nye ŋutɔ nye amewo dome.” |
9633 | 2KI 4:26 | Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nu sia nu le nyuie.” |
9739 | 2KI 8:8 | Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” |
9740 | 2KI 8:9 | Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” |
9779 | 2KI 9:19 | Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ” Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!” |
11350 | 2CH 7:21 | Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ |
11566 | 2CH 18:19 | Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa. |
11567 | 2CH 18:20 | Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’ |
12955 | JOB 4:21 | Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be woaku numanyamanyae oa?’ ” |
13005 | JOB 6:23 | miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’ |
13016 | JOB 7:4 | Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli. |
13067 | JOB 9:12 | Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la, ame kae ate ŋu aɖo asi edzi? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’ |
13337 | JOB 20:7 | atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’ |
13374 | JOB 21:15 | Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’ |
13387 | JOB 21:28 | Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’ |
13410 | JOB 22:17 | Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’ |
13623 | JOB 31:31 | Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be, ‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la, anye ne enye nya bubu |
13727 | JOB 35:3 | gake nèhele ebiam be, ‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’ |
13735 | JOB 35:11 | ame si fiaa nu geɖewo mí, wu gbemelã siwo le anyigba dzi eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’ |
13763 | JOB 36:23 | Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be, ‘Èwɔ nu gbegblẽ?’ |
13808 | JOB 38:11 | esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’ |
13929 | JOB 42:3 | Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya. |
17330 | PRO 30:9 | Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi. |
17928 | ISA 10:8 | Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’ |
17931 | ISA 10:11 | ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo abe ale si mewɔ Samaria kple eƒe legbawoe ene oa?’ ” |
18138 | ISA 22:16 | ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’ |
18547 | ISA 41:26 | Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o. |
18640 | ISA 45:9 | “Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla. Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene. Ɖe anyi abia zemela be, ‘Nu ka mem nèle mahã?’ Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la, abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’ |
18641 | ISA 45:10 | Baba na ame si gblɔna na fofoa be, ‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be, ‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’ |
18727 | ISA 49:21 | Ekema àgblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae dzi ame siawo katã nam? Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko. Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye. Ame kae nyi ame siawo wotsi? Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’ ” |
18859 | ISA 58:3 | Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ, gake mède nu eme na mí o, eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo, gake mède dze sii o?’ “Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la, miewɔ nu si dze mia ŋu, eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã. |
19040 | JER 2:6 | Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o. |
19042 | JER 2:8 | Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o. Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o. Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.” |
19057 | JER 2:23 | “Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene. |
19065 | JER 2:31 | “O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu. “Gbegbee menye na Israel loo alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba? Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be, ‘Ablɔɖe le mía si be míatsa eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’ |
19076 | JER 3:5 | ‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa? Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’ Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo siwo katã nàte ŋui.” |
19146 | JER 5:19 | Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’ |
19207 | JER 7:19 | Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’ |
19253 | JER 9:8 | Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’ |
19347 | JER 13:12 | “Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la, |
19415 | JER 16:10 | “Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la, |
19485 | JER 19:9 | Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’ |
19531 | JER 22:8 | “Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’ |
19588 | JER 23:35 | Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ |
19590 | JER 23:37 | Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ |
19860 | JER 33:16 | Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’ |
19905 | JER 35:13 | “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. |
19962 | JER 37:19 | Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’ |
20163 | JER 48:14 | “Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’ |
20168 | JER 48:19 | Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’ |
20200 | JER 49:4 | Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’ |
20242 | JER 50:7 | Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo; woƒe futɔwo gblɔ be, ‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe lãnyiƒe vavã, kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’ |
20727 | EZK 11:3 | Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la. |
20758 | EZK 12:9 | “Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã. |
20904 | EZK 17:10 | Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ” |
20906 | EZK 17:12 | “Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia. |
20909 | EZK 17:15 | Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’ |
20920 | EZK 18:2 | “Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be, “ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo, eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ” |
20937 | EZK 18:19 | “Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. |
20993 | EZK 20:29 | Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’ ” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.) |
21013 | EZK 21:5 | Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’ ” |
21020 | EZK 21:12 | Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” |
21359 | EZK 33:10 | “Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’ |
21360 | EZK 33:11 | Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’ |
21375 | EZK 33:26 | Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ” |
21401 | EZK 34:19 | Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’ |
21484 | EZK 37:18 | “Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la, |
22397 | JOL 2:17 | Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ” |
22582 | OBA 1:3 | Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’ |
22788 | NAM 3:7 | Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?” |
22823 | HAB 2:6 | “Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’ |
22936 | HAG 2:12 | ne mia dometɔ aɖe tsɔ lã kɔkɔe aɖe xatsa ɖe eƒe awu me, eye wògblɔ be lã kɔkɔe sia ka abolo alo detsi, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋuti la, ɖe wòwɔ nu siawo kɔkɔea?’ ” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ao.” |
23038 | ZEC 7:7 | Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ” |
23134 | ZEC 13:6 | Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’ |
23160 | MAL 1:2 | Yehowa gblɔ be, “Melɔ̃ mi. “Gake nèbia be, ‘Aleke nèlɔ̃ mí?’ ” Yehowa gblɔ be: “Ɖe Yakob menye Esau nɔvi oa? Melɔ̃ Yakob. |