23937 | MAT 21:42 | Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’? |
24121 | MAT 25:44 | “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’? |
24726 | MRK 11:17 | Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” |
25199 | LUK 5:23 | Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’? |
25727 | LUK 17:7 | “Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’? |
25728 | LUK 17:8 | Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’? |
26260 | JHN 4:35 | Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa’? Miwu mo dzi ne miakpɔ agblewo dzi ɖa! Nukuawo tsi na ŋeŋe. |
26586 | JHN 10:36 | eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’? |