413 | GEN 17:15 | Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’ |
417 | GEN 17:19 | Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. |
6877 | JDG 12:6 | wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me. |
22175 | HOS 2:3 | “Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’ |
24993 | LUK 1:31 | Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ |